Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Daniel 1:5 - Agbenya La

5 Fia la naa woƒe gbe sia gbe ƒe nuɖuɖu kple wain wo tso fia la ƒe kplɔ̃ dzi. Woahe wo ƒe etɔ̃ eye le ɣeyiɣi sia megbe la, woazu fia la ƒe subɔlawo.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye fia la do woƒe gbesiagbe nuɖuɖu na wo tso fia ƒe nuɖudu kple wein me, ne woatsɔ anyi woe ƒe eta; emegbe woasubɔ fia la.

Gade chapit la Kopi




Daniel 1:5
14 Referans Kwoze  

Fia la ƒo nu kpli wo eye wòkpɔ be, ame bubuawo dometɔ aɖeke mede Daniel, Hananiya, Misael kple Azaria nu o, ale woxɔ wo wodze dɔwɔwɔ na fia la gɔme.


Ke Daniel ɖo ta me be yemagblẽ kɔ ɖo na ye ɖokui kple fia la ƒe nuɖuɖu kple wain o, eye wòbia mɔ eƒe dzikpɔla be yemagblẽ kɔ ɖo na ye ɖokui to mɔ sia dzi o.


Wò amewo akpɔ dzidzɔ ŋutɔ, dzidzɔ ka gbegbe wò dɔnunɔla siwo tsia tsitre ɖe wò ŋkume ɣe sia ɣi eye wosea wò nunya la makpɔ o!


Minɔ ŋudzɔ ɖaa, eye miado gbe ɖa be ne edze Mawu ŋu la, miagakpɔ nu dziŋɔ siawo dometɔ aɖeke teƒe hafi miatsi tsitre ɖe Amegbetɔ Vi la ŋkume o.”


Na nuɖuɖu mí gbe sia gbe,


Na nuɖuɖu si míaɖu egbe la mi.


Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: “Ne mietrɔ dzi me la, magaɖo mi te be miasubɔm. Ne miagblɔ nya vavãwo, ke menye nya maɖinyawo o, magana mianye nye amewo. Na ame siawo natrɔ ɖe ŋuwò, ke wò màtrɔ ɖe wo ŋu o.


Wò amewo akpɔ dzidzɔ ŋutɔ, dzidzɔ ka gbegbe wò dɔnunɔla siwo tsia tsitre ɖe wò ŋkume ɣe sia ɣi eye wosea wò nunya la makpɔ o!


Fia la naa ga Yehoyatsin gbe sia gbe le eƒe agbemeŋkeke mamlɛawo me.


Saul ɖo ame ɖe Yese be, “Meɖe kuku, na David nazu ŋunyemewo dometɔ ɖeka elabena eƒe nu nyo ŋunye ŋutɔ.”


Exɔ ƒe blaetɔ̃ esi wòge ɖe Farao, Egipte fia ƒe dɔ me. Yosef dzo le Farao gbɔ, eye wòde asi tsatsa me le anyigba blibo la dzi.


Mawudɔla la gblɔ nɛ kple kakaɖedzi be, “Nyee nye Gabriel si nɔa Mawu ŋkume ɣe sia ɣi. Eyae dɔm be magblɔ dzidzɔnya sia na wò,


Mègadzro eƒe nuɖuɖu kpeɖiwo o elabena nuɖuɖu ma nye beble.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite