Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Kolosetɔwo 4:7 - Agbenya La

7 Tikiko, mía nɔvi lɔlɔ̃ la agblɔ ale si mele edzii la na mi. Enye nuteƒewɔla si subɔa Aƒetɔ la kplim.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Nusiwo katã va dzo ɖe dzinye la, Tixiko, nɔvi lɔlɔ̃tɔ kple subɔla nuteƒewɔla kpakple hadɔwɔla le Aƒetɔ me la, ana mianyae,

Gade chapit la Kopi




Kolosetɔwo 4:7
9 Referans Kwoze  

Medɔ Tikiko hã ɖe Efeso.


Ame geɖewo kplɔ Paulo ɖo ɖa va se ɖe keke Terki. Wo dometɔ aɖewoe nye Sopata si nye Piro ƒe vi tso Berea, Aristako kple Sekundo siwo tso Tesalonika, Gayo tso Derbe, Timoteo, Tikiko kple Trofimo, ame siwo tso Asia nuto me.


Mele eɖom be maɖo Artema alo Tikiko ɖe wò. Ne wo dometɔ ɖeka va ɖo la, dze agbagba nàdo gom le Nikopoli kaba abe ale si nàte ŋui ene, elabena meɖo be manɔ afi ma le vuvɔŋɔli la me.


Mele Onesimo, nɔvi lɔlɔ̃a kple nuteƒewɔla si nye mia detɔ la hã ɖom ɖe mi. Eya kple Tikiko woagblɔ nu siwo le dzɔdzɔm le afi sia fifia la na mi.


Epafra, mia dometɔ ɖeka, ame si nye Yesu Kristo ƒe dɔla hã do gbe na mi nyuie. Ele ʋiʋlim ɖe mia ta le gbedodoɖa me ɣe sia ɣi be mianɔ te sesĩe le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu blibo la me, atsi, eye miakpɔ kakaɖedzi blibo.


Le ɣeyiɣi sia me la, mebui be enyo be magbugbɔ nɔvinye Epafrodito aɖo ɖe mi. Ezu nɔvinye, nye dɔwɔhati, asrafo, ame si nye miaƒe dɔla si mieɖo ɖa be wòana kpekpeɖeŋum le nye hiahiãwo me la.


Epafra míaƒe hadɔwɔla lɔlɔ̃ lae tsɔ nyanyui la vɛ na mi. Eyae nye Yesu Kristo ƒe subɔla vavã si le kpekpem ɖe mia ŋuti ɖe mía teƒe,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite