Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Kolosetɔwo 1:3 - Agbenya La

3 Ɣe sia ɣi ne míele gbe dom ɖa ɖe mia ta la, míedzea egɔme kple akpedada na Mawu míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo,

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Míeɖa akpe na Mawu, si nye mía Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo la, ɖaasi le míaƒe gbedodoɖa ɖe mia ta la me,

Gade chapit la Kopi




Kolosetɔwo 1:3
16 Referans Kwoze  

Míedaa akpe na Mawu ɣe sia ɣi ɖe mia ta eye míedoa gbe ɖa ɖe mia ta madzudzɔmadzudzɔe.


Timoteo, medaa akpe na Mawu, ame si mesubɔna abe ale si fofonyewo wɔ ene. Meɖea kuku na Mawu zi geɖe le zã kple keli be wòakɔ yayra geɖewo ɖe dziwò, eye nye dzitsinyae nye be madze eŋu le agbe sia me.


Eya ta tso gbe si gbe míese mia ŋkɔ zi gbãtɔ ko la, míedoa gbe ɖa ɖe mia ta ɣe sia ɣi, eye míebiaa Mawu be wòakpe ɖe mia ŋuti miase nu si wòdi be miawɔ la gɔme, eye wòawɔ mi mianye nunyalawo tso gbɔgbɔmenuwo ŋuti.


Meda akpe na nye Mawu ɖaa ɖe mia ta le Mawu ƒe amenuveve si wòna mi le Kristo Yesu me la ta.


Elabena eyae ɖe mí tso viviti ƒe ŋusẽ kple Satana ƒe fiaɖuƒe la me, eye wòkplɔ mí va Via lɔlɔ̃ la ƒe fiaɖuƒe mee;


Esia ta tso ɣeyiɣi si mese xɔse si le mia si le Aƒetɔ Yesu me kple lɔlɔ̃ si le mia me na ame kɔkɔewo katã la,


Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o; ke boŋ le nu sia nu me la, mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe kpakple akpedada gblɔ miaƒe hiahiãwo na Mawu.


Ekema mí katã míate ŋu atsɔ gbe ɖeka akafu Aƒetɔ la, atsɔ ŋutikɔkɔe ana Mawu, míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo.


Woakafu Mawu, ame si nye míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, nublanuikpɔkpɔ Fofo kple akɔfafa katã ƒe Mawu la,


Mido gbe ɖa le gbɔgbɔ me ɣe sia ɣi, miwɔ gbedodoɖa ɖe sia ɖe. Minɔ ŋudzɔ, eye miado gbe ɖa ɣe sia ɣi ɖe ame kɔkɔewo katã ta.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite