Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Amos 8:3 - Agbenya La

3 Egagblɔ be, “Hadzidzi siwo ɖina le gbedoxɔ me la azu avifafa gbe ma gbe. Ame kukuwo akaka ɖe afi sia afi, eye ɖoɖoe azi klẽnee.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Nyɔnu, siwo dzia ha le fiasãwo me la, afa avi gbemagbe, ame kukuwo asɔ gbɔ, eye woazi ɖoɖoe atso wo, aƒu gbe ɖe teƒewo katã.

Gade chapit la Kopi




Amos 8:3
21 Referans Kwoze  

Te wò hawo ƒe ɖiɖi ɖe megbe tso gbɔnye, wò saŋkuƒoƒowo hã le to me vem nam!


Ale Yehowa, Mawu Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Avifafa anɔ kpɔdomewo, eye asiƒonu anɔ mɔ dodowo dzi. Míyɔ agbledelawo hã be woafa avi kpli mi; miyɔ konyifalawo hã vɛ be woafa avi kpli mi.


Tete Mose gblɔ na Aron be, “Esiae Yehowa gblɔ esi wògblɔ be, ‘Maɖe ɖokuinye afia ame siwo tena ɖe ŋutinye la kɔkɔe eye woade bubu ŋunye le amewo katã ŋkume.’ ” Eye Aron zi ɖoɖoe kpoo.


Sɔdolawo dze agbo, yiwo le dzo dam, eye akplɔwo le dzo sim le woƒe asi me! Ame tsiaʋawo teƒe mekɔ o, ame kukuwo sɔ gbɔ taŋtaŋtaŋ, eye ɖewo tsi wo nɔewo dzi. Amewo le wo dzi zɔm le anyi dzem, le fɔfɔm; gale anyi dzem.


Matrɔ miaƒe ŋkekenyuiwo woazu konyifafa, eye miaƒe dzidzɔhawo azu avihawo. Mianɔ funyivɔ me, alũ ta kolikoli abe mia viŋutsu ɖeka hɔ̃ɔ si le mia si lae ku ene. Nyateƒe, ŋkeke ma ave le miaƒe nu me ŋutɔ.”


“Mena dɔvɔ̃wo va dze mia dzi abe esiwo mehe va Egiptetɔwo dzi le blema ene. Mena mia viwo tsi aʋa, eye menya miaƒe sɔwo de gbe. Ame kukuwo na miaƒe asaɖa me le ʋeʋẽm kũu, gake miegbe, mietrɔ ɖe ŋutinye o.” Yehowae gblɔe.


O mi nunɔlawo, mita akpanya eye mixa nu. Mifa avi, mi ame siwo subɔna le vɔsamlekpui la ŋgɔ, mitsi ŋu dɔ miafa avi zã blibo la katã, mi ame siwo subɔna le nye Mawu ŋkume. Elabena womagatsɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa va miaƒe Mawu la ƒe aƒe me o.


Azɔ mi agbledelawo, dzika netso mia ƒo, eye mialulũ, mi waingbledelawo, mifa avi sesĩe. Mifa avi ɖe lu kple ƒo hã ta elabena nuŋeŋe nu tso le agble me.


Minyɔ, mi ahanomunɔwo, ne miafa avi hehehe, mi waintsunolawo, mifa avi, elabena woɖe wain le miaƒe nu me, eye miagakpɔ wain yeye ano o!


Eya ta ale Yehowa gblɔ le Yosia ƒe vi, Yehoyakim, Yuda fia ŋutie nye esi: “Womafa nɛ agblɔ be, ‘Ao, nɔvinye ŋutsu! Ao, nɔvinye nyɔnu!’ o. Eye womafa nɛ be, ‘Ao, nye aƒetɔ! Ao, eƒe atsyɔ̃!’ o.


Emegbe la, Yehowa ƒe dɔla yi ɖe Asiriatɔwo ƒe aʋasaɖa la me hewu ame akpe alafa ɖeka kple blaenyi-vɔ-atɔ̃. Esi amewo fɔ ŋdi la, kpɔ ɖa, ame kukuwo sɔŋ ko wokpɔ.


Mezi ɖoɖoe, nyemake nu o, elabena wòe wɔ esia.


Zion vinyɔnu ƒe dumegãwo nɔ anyi ɖe anyigba le ɖoɖoezizi gã me. Wolɔ dzofi kɔ ɖe tame eye wota akpanya. Ke Yerusalem ɖetugbiwo ya de mo to.


Miemlɔa nyiɖubawo dzi, eye miedrana ɖe zikpui bɔbɔewo dzi heɖina ɖe eme; alẽvi kple nyivi damitɔwoe woɖana na mi.


Midzia ha vlowo hevuna ɖe kasaŋku ŋu ƒona abe David ye le ha kpam ene.


Aƒetɔ Yehowa ta eƒe agbe. Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu la gblɔ be, “Yakob ƒe dada ƒuƒlu la le ŋu nyɔm nam, eye melé fu eƒe mɔ sesẽwo. Matsɔ du gã sia kple emenu nyuiwo ade asi na eƒe futɔwo.”


Mizi ɖoɖoe le Aƒetɔ Yehowa ŋkume, elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe. Yehowa dzra vɔsa ɖo, eye wòkɔ ame siwo wòkpe la hã ŋuti.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite