Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Amos 7:1 - Agbenya La

1 Esiae nye nu si Aƒetɔ Yehowa ɖe fiam le ŋutega me: Yehowa le ʋetsuviwo ƒe ha gã drinya aɖe dɔm ɖa be woava aɖu kelemenukuwo. Esia ava eme ne woxe nuku gbãtɔwo ƒe adzɔ na fia la vɔ megbe.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye Aƒetɔ Yehowa na mekpɔ ŋutega, kpɔ ɖa, ewo ʋetsuviwo, esime kelegbewo de asi miemie me; elabena kelegbewo miena, ne wova gbe na fia megbe.

Gade chapit la Kopi




Amos 7:1
14 Referans Kwoze  

Nu siwo ʋetsuviwo ƒe ha gã agblẽ ɖi la, ʋetsuviwo aɖui, nu siwo ʋetsuviwo agblẽ ɖi la, ʋetrawo aɖui, eye nu siwo ʋetrawo agblẽ ɖi la, abɔwo aɖui.


Aƒetɔ Yehowa ɖe kusi aɖe si yɔ fũu kple kutsetse ɖiɖiwo la fiam le ŋutega me.


“Mena miaƒe bliwo dze heteku, eye wohlɔ̃; mena ʋetsuviwo ɖu miaƒe wainkawo kple amitiwo, gake miegbe be yewomatrɔ ɖe ŋutinye o.” Yehowae gblɔe.


“Magaɖo ƒe siwo ʋetsuviwo, ʋetrawo, abɔwo kple ŋɔwo ɖu nu la teƒe na mi. Woawoe nye nye aʋakɔ gã si medɔ ɖe mia ŋu.


Yehowa gaɖe gbede ene fiam.


Emegbe la, egaɖe nu sia fiam: Aƒetɔ la le tsi tsitre ɖe gli si woɖo, wòdzɔ kã la xa, eye glidzidzenu le esi.


Esiae nye nu si Aƒetɔ Yehowa ɖe fiam: Aƒetɔ Mawu yɔ dzo be wòadza, eye dzo la bi tɔsisi goglowo, eye wòfia anyigba la katã.


eye megblɔ nu siwo katã Yehowa ɖe fiam la na aboyomeawo.


Esi Nebukadnezar, Babilonia fia kplɔ Yehoyakim vi Yehoyatsin, Yuda fia, eƒe dumegãwo, aɖaŋudɔwɔlawo kple asinudɔwɔlawo yi ɖe aboyo mee le Babilonia megbe la, Yehowa ɖe gbotsetse kusi eve siwo woda ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ mɔnu la fiam.


O! Dukɔwo, woaƒo miaƒe nuhahawo nu ƒu abe ale si woƒoa ŋɔviwo nu ƒue ene, eye amewo adze wo dzi abe ale si ʋetsuviwo ƒe ha gã aɖe dzea nu dzi ene.


Made se na nu siwo gblẽa agblemenukuwo la be womagblẽ míaƒe agblemenukuwo o, eye miaƒe wain tsetsewo magblẽ adudu hafi woƒe ɖiɖiɣi naɖo o.” Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite