Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Amos 4:4 - Agbenya La

4 “Miva Betel ne miawɔ nu vɔ̃. Miyi Gilgal ne miadzi miaƒe nu vɔ̃wo ɖe edzi, mitsɔ vɔsawo vɛ ŋdi sia ŋdi; mitsɔ nu ewoliawo vɛ ŋkeke etɔ̃ sia ŋkeke etɔ̃.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Miyi Betel, ne miaɖawɔ nu tovo; miyi Gilgal, ne miaɖawɔ nu tovo ɖe edzi! Misa miaƒe vɔwo ŋdi sia ŋdi, eye mitsɔ miaƒe nuwo ƒe ewoliawo ɖeka sa vɔe ŋkeke etɔ̃etɔ̃.

Gade chapit la Kopi




Amos 4:4
16 Referans Kwoze  

“Togbɔ be Israel le gbolo wɔm hã la, esia wɔwɔ nete ɖa xaa tso Yuda gbɔ. “Mègayi Gilgal o, eye mègayi Bet Aven o. Mègaka atam agblɔ be, ‘Meta Yehowa ƒe agbe’ o.


“Miawo ya la, O! Israel ƒe aƒe, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi. ‘Miyi, eye miasubɔ miaƒe legbawo, mia dometɔ ɖe sia ɖe. Ke emegbe la, miaɖo tom kokoko, eye miagado vlo nye ŋkɔ kɔkɔe la kple miaƒe vɔsawo kple legbawo o.


Enyo ŋutɔ, azɔ miwu nu vɔ̃ dɔ si gɔme mia fofowo dze la nu.


Migati legba siwo le Betel, Gilgal alo Beerseba yome o, elabena maɖe aboyo Gilgatɔwo, eye Betel atsrɔ̃.”


Ɖe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi le Gilgal mahã? Vavã wonye bometsilawo. Wotsɔ nyitsuwo sa vɔe le Gilead. Ɛ̃, woagbã woƒe vɔsamlekpuiwo ali kɔe ɖe agble dzi.


“Woƒe nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ katã dze egɔme le Gilgal, eye afi mae nye hã megbe nu le wo gbɔ le. Manya wo le nye anyigba dzi le woƒe ahasiwɔwɔ ta. Nyemagalɔ̃ wo azɔ o, elabena woƒe amegãwo katã nye aglãdzelawo.


Etrɔ gbɔ va wo gbɔ zi etɔ̃lia eye wògblɔ na wo be, “Miegale alɔ̃dɔdɔ dzi le ɖiɖim ɖe emea? Esɔ gbɔ azɔ! Gaƒoƒo la de. Kpɔ ɖa, wode Amegbetɔ Vi la asi na nu vɔ̃ wɔlawo.


Le ŋkeke kple zã me siaa la, enɔa tsatsam le yɔdowo dome kple togbɛwo dzi, nɔa ɣli dom henɔa eɖokui sim kple kpe ɖaɖɛwo.


Gbe si gbe mahe to na Israel ɖe eƒe nu vɔ̃wo ta la, gbe ma gbe kee matsrɔ̃ legba siwo katã le Betel. Woaŋe vɔ̃samlekpui la ƒe dzowo woage ɖe anyigba.


Ɖekakpui, kpɔ dzidzɔ le wò ɖekakpuime, eye nàna wò dzi naɖu agbe le wò ɖekakpuime. Zɔ ɖe wò dzi ƒe didi kple wò ŋku ƒe nukpɔkpɔ nu, ke nyae be Mawu adrɔ̃ ʋɔnu wò le nu siawo katã ta,


Azɔ etrɔ va nusrɔ̃lawo gbɔ, eye wògblɔ na wo be, “Miate ŋu adɔ alɔ̃ azɔ faa, eye miadzudzɔ mia ɖokuiwo, gake nɔviwo, ɣeyiɣi la de be woade nye Amegbetɔ Vi la asi na nu vɔ̃ wɔlawo.


“Ƒe etɔ̃lia ɖe sia ɖe nye ƒe tɔxɛ na nuwo ƒe ewolia nana. Le ƒe ma me la, ele be nàtsɔ wò nuwo ƒe ewolia katã ana Levitɔwo, amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo, ale be woawo hã naɖu nu nyuie.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite