Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Amos 3:9 - Agbenya La

9 Miɖe gbeƒã le Asdod kple Egipte fiasãwo me be, “Miƒo ƒu mia ɖokuiwo ɖe Samaria towo dzi, ne miakpɔ ʋunyaʋunya gã kple teteɖeanyi siwo le edzi yim le dukɔ la dome.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Miɖo kpo ɖe fiasãwo ta le Asdod kple ɖe fiasãwo ta le Egipte-nyigba dzi gblɔ bena: Miƒo takpli ɖe Samaria-towo dzi, eye mikpɔ ʋunyaʋunyawɔwɔ geɖe kple ame teteɖeanyi, si le eme la ɖa.

Gade chapit la Kopi




Amos 3:9
22 Referans Kwoze  

“Miɖo tom, mi Basan nyinɔ dami siwo le Samaria towo dzi, mi nyɔnu siwo baa hiãtɔwo, eye mietea ame dahewo ɖe to hegblɔna na mia srɔ̃wo be, midi aha vɛ míano!


Baba na mi, ame siwo ɖe dzi ɖi bɔkɔɔ le Zion kple ame siwo susu be yewosu te le Samaria towo dzi, mi ame siwo nye ame veviwo kple ame ŋkutawo le Israel, ame siwo gbɔ dukɔ la xɔa aɖaŋu le.


Matsrɔ̃ Asdod nɔlawo katã, mawu Askelontɔwo ƒe fia, eye magbã Ekron va se ɖe esime Filistitɔ mamlɛawo atsrɔ̃.” Aƒetɔ Mawue gblɔe.


Mi ame siwo doa kluvi ame dahewo ɖe klosaloga ɖeka ta, eye miedzraa hiãtɔwo ɖe afɔkpa dodo ɖeka pɛ ta alo dzraa bli gbegblẽ na wo.


“Miɖe gbeƒãe eye mido kpoe le dukɔwo dome, mikɔ aflaga dzi, ne miado bobloe; migagbe nya la katã gbɔgblɔ o, ke boŋ migblɔ be, ‘Woaxɔ Babilonia, ŋukpe alé Bel eye ŋɔdzi alé Marduk vevie. Woado ŋukpe eƒe legbawo eye ŋɔdzi alé eƒe aklamakpakpɛwo.’


Miagado waintiwo ɖe Samaria ƒe togbɛwo dzi abe tsã ene; agbledelawo ade waingble, eye woaɖu eƒe kutsetse.


Filistitɔwo tsɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la tso aʋagbe la dzi le Ebenezer


Mawɔ wo dukɔ ɖekae le anyigba la dzi, le Israel ƒe towo dzi. Fia ɖeka aɖu wo katã dzi, womaganye dukɔ eve akpɔ o loo alo woama wo ɖe fiaɖuƒe eve me o.


“Ke miawo, O! Israel towo, miatse ku geɖewo na nye dukɔ Israel, elabena woƒe gbɔgbɔɣi tu aƒe.


“Miɖe gbeƒã le Egipte, mido kpoe le Migdol eye mido kpoe le Memfis kple Tapanhes hã. ‘Mitso miadzra ɖo, ne mianɔ mia nɔƒewo elabena yi wu ame siwo ƒo xlã mi godoo.’


“Migagblɔe le Gat o; migaɖe gbeƒãe le Askelon ƒe ablɔwo dzi o. Ne menye nenema o la, Filistitɔwo ƒe vinyɔnuwo akpɔ dzidzɔ eye bolotɔwo ƒe vinyɔnuwo atso aseye.


Esi miefanya ame dahewo kple afɔ, eye mieba wo le blidzɔxɔxɔ me ta la, mianɔ kpexɔ nyui siwo tum miele la me alo ano wain tso waingble siwo dem miele la me o.


ekema nu xɔasi vovovowo asu mía si eye míatsɔ afunyinuwo ayɔ míaƒe xɔwo mee


Wodea bubu nyɔnu dɔmenyotɔ ŋu, ke ŋutsu ŋutasẽlawo ƒe asi sua kesinɔnu ko dzi.


Emegbe la, melé ŋku ɖe ameteteɖeanyi siwo katã le xexea me la ŋu. Mekpɔ ame siwo wote ɖe anyi la ƒe aɖatsiwo; kpeɖeŋutɔ aɖeke meli na wo o, le esime kpeɖeŋutɔ siwo nye ŋusẽtɔwo la le ameteɖeanyilawo ƒe akpa dzi.


Ne medi be mada gbe le Israel ŋu la, ekema Efraim ƒe nu vɔ̃wo dzea go, eye wokloa nu le Samaria ƒe nu vɔ̃wo dzi, elabena woblea ame, gbãa ʋɔ, fia fi, eye wodaa adzo le mɔtata dzi.


Mieɖe susu ɖa le ŋkeke vɔ̃ la ŋuti, gake miaƒe nu tovowo wɔwɔ wɔe be Ʋɔnudrɔ̃gbe la le mia lalam.


O, aƒe vɔ̃ɖi! Ɖe maŋlɔ wò kesinɔnu madzɔmadzɔ kple nudotre sue si dzi fiƒode le la bea?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite