Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Amos 3:8 - Agbenya La

8 Dzata ɖe gbe, ame kae mavɔ̃ o. Yehowa Mawu ƒo nu, ame kae agbe be yemagblɔ nya ɖi o.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Ne dzata ɖe gbe la, amekae agbe vɔvɔ̃? Ne Aƒetɔ Yehowa ƒo nu la, amekae agbe nyagbɔgblɔ ɖi?

Gade chapit la Kopi




Amos 3:8
17 Referans Kwoze  

Asesẽ na mí ŋutɔ be míadzudzɔ nuƒoƒo le nu siwo míekpɔ kple esiwo míese la ŋu o.”


Ɖe dzata ɖea gbe le ave me ne melé nu oa? Ɖe dzata tea gbe le eƒe do me ne mekpɔ lé nu haɖe oa?


Ke ne megblɔ be, “Nyemagayɔ eƒe ŋkɔ alo agaƒo nu le eƒe ŋkɔ me o” la, eƒe nya nɔna abe dzo ene le nye dzi me, eye abe dzo bibi nue wotu nu ɖo le nye ƒu tome ene. Etsɔtsɔ ti kɔ nam. Vavã nyemagate ŋui o.


Egblɔ be, “Yehowa ɖe gbe abe dzata ene tso Zion, eye eƒe gbe ɖi tso Yerusalem. Enumake lãnyiƒewo ƒu kplakplakpla, eye Karmel to la tame yrɔ.”


Tete amegãxoxoawo dometɔ ɖeka gblɔ nam be, “Kpɔ ɖa, mègafa avi o, elabena Yuda ƒe to la ƒe Dzata si tso David ƒe ke me la ɖu dzi. Eyae ate ŋu aʋu agbalẽ la, eye wòaɖe nutrenu adreawo ɖa.”


Elabena nyemedze na kafukafu tɔxɛ aɖeke le nye mawunyagbɔgblɔ ta o. Ele nam kokoko be manɔ egbɔgblɔ dzi ɣe sia ɣi madzudzɔmadzudzɔe. Ne meke atse dzudzɔ la, baba nam!


Gake miena wain Mawu ƒe kluwo wono. Gawu la, miegbe na nyagblɔɖilawo be womagblɔ nya ɖi o.


Petro kple apostoloawo gblɔ be, “Ele na mí be míawɔ ɖe Mawu ƒe gbe dzi ke menye ɖe amegbetɔ tɔ dzi o.


“Miyi gbedoxɔ la me, eye miagblɔ agbe yeye sia ƒe nya na ameawo.”


Ale Yehowa gblɔ nam nye esi, “Abe ale si dzata alo dzatavi tea gbee ne elé nu, eye togbɔ be woyɔa alẽkplɔlawo ƒe ha katã ɖe eŋu, gake woƒe ɣlidodo medoa ŋɔdzi nɛ o, woƒe hoowɔwɔ hã meɖia naneke nɛ o ene la, nenema kee Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, aɖi va anyi ne wòawɔ aʋa le Zion to la kple eƒe to kɔkɔwo dzi.


“Le ŋkeke ma dzi la, ŋusẽ aɖo Israel ƒe aƒe ŋu, eye maʋu wò nu na wò le wo dome. Ekema woanya be nyee nye Yehowa.”


O! Nye dukɔ si wogbã gudugudu le lugbɔƒe abe lu ene, megblɔ nu siwo katã Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la de asi nam be magblɔ la na mi.


Tete Yeremia gblɔ na dumegãwo kple ameha la be, “Yehowae dɔm be magblɔ nya siwo miese la ɖi ɖe gbedoxɔ sia kple du sia ŋuti.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite