Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Amos 3:6 - Agbenya La

6 Ne kpẽ ɖi le du me la, ɖe dua me tɔwo mevɔ̃na oa? Ne dzɔgbevɔ̃e va du aɖe dzi la, ɖe menye Yehowae ɖe mɔ oa?

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Ɖe wokua kpẽ le du me, eye vɔvɔ̃ gbea amewo ɖoɖoa? De dzɔgbevɔ̃e dzɔna le du me, eye menye Yehowa ye wɔe oa?

Gade chapit la Kopi




Amos 3:6
17 Referans Kwoze  

Nyee na kekeli dona. Nyee wɔ viviti. Nyee he dzidzedzekpɔkpɔ vɛ, eye nye kee he gbegblẽ hã vɛ. Nye Yehowae wɔ esiawo katã.


Anye aʋakpẽkugbe kple aʋaɣlidogbe, ɖe du siwo woɖo gli sesẽwo ƒo xlãe kple gbetakpɔxɔ siwo le dzogoe dzi ŋu.


Mawuvɔvɔ̃ si le mía me tae míeɖea gbeƒã, eye míeƒoa dzimetɔtrɔ ƒe nya la ɖe amewo katã nu be woava Aƒetɔ la gbɔ. Mawu ŋutɔ nya be míele dɔ sia wɔm kple dzimekɔkɔ, eye mexɔe se be miawo hã mienyae le miaƒe dzi me nenema tututu.


Le nye ɖeka gome la, Mawu trɔ nu si mieɖo be wòanye nu vɔ̃ la wòzu nu nyui, elabena etsɔm ɖo teƒe kɔkɔ si mele egbe la be mate ŋu aɖe ame geɖewo ƒe agbe.


Azɔ, abe ale si Mawu ŋutɔ wɔ ɖoɖo da ɖi xoxo ene la, eɖe mɔ na mi, mieto nu madzɔmadzɔ wɔlawo ƒe asi dzi, klã Yesu ɖe atitsoga ŋu eye miewui.


“Misi yi sitsoƒe, mi Benyaminviwo! Misi tso Yerusalem! Miku kpẽ le Tekoa! Mitu aflaga ɖe Bet Hakerem! Elabena gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃ dziŋɔ aɖe zɔ tso anyiehe gbɔna.


“Miɖe gbeƒã le Yuda, eye mido kpo le Yerusalem gblɔ be, ‘Miku kpẽ le anyigba la katã dzi!’ Mido ɣli sesĩe be, ‘Miƒo ƒu! Mina míasi ayi ɖe du sesẽwo me!’


Ke nu si wò ŋutɔ nèɖo da ɖi le wò nunya kple ŋusẽ me xoxo la ko ate ŋu adzɔ.


eye wòkpɔ yi la wògbɔna ɖe dukɔ la ŋu, ne eku kpẽ be yeaxlɔ̃ nu eƒe amewo la,


Ame kae li si agbe wò bubu, O dukɔwo ƒe Fia? Elabena esiae nye tɔwò gome. Nunyala siwo le dukɔwo kple fiaɖuƒewo me la ƒe ɖeke mele abe wò ene o.


“Miku lãdzo le Gibea, eye miaku kpẽ le Rama. Mido aʋaɣli sesĩe le Bet Aven. O Benyamin, kpɔ megbewò ɖa!


Yehowa be, ‘Ɖe mele be miavɔ̃m oa? Mewɔ ke be wòado liƒo na atsiaƒu, wòanye dɛ mavɔ si nu mate ŋu atso o. Ƒutsotsoewo aŋe aƒo ɖe eŋu gake womate ŋui o. Woadze agbo gake womate ŋui o. Woadze agbo gake womate ŋu agbɔ liƒoa ŋu o.


O nye dablibɛƒoƒo, nye dablibɛƒoƒo! Mele ŋeŋem le vevesese me. O nye dzi xɔ abi ɖe dɔ me nam! Nye dzi le ƒoƒom le menye, nyemate ŋu azi ɖoɖoe o, elabena mese kpẽ ƒe ɖiɖi, mese aʋaɣlidodo.


Ɖe xevi dzona ɖe mɔ dzi le anyigba, ne wometre mɔ nɛ oa? Alo ɖe mɔ fena, ne naneke meɖo eme oa?


Hafi ɣe ma ɣi naɖo la, womexea fe na amewo alo lãwo o. Ame aɖeke mate ŋu ado go, ayi eƒe dɔwɔƒe le dedinɔnɔ me o ɖe eƒe futɔwo ta, elabena mena ame sia ame tso ɖe ehavi ŋuti.


Elisa mekpɔ ɖe nu le nya sia me hafi ame dɔdɔ la va do o. Fia la hã va do! Fia la gblɔ be, “Yehowae he dzɔgbevɔ̃e siawo katã vɛ. Nu ka ta makpɔ mɔ na kpekpeɖeŋu aɖe tso egbɔ?”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite