Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Amos 3:12 - Agbenya La

12 Ale Yehowa gblɔe nye si, “Abe ale si Alẽkplɔla ɖea lã ƒe ata eve kple to kakɛ aɖe ko le dzata ƒe nu me la, nenema kee wòanɔ na Israelvi siwo nɔ Samaria le aba ƒe dzogoe dzi kple ame siwo nɔ aba ƒe kundru dzi.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eyata ale Yehowa gblɔ esi: Alesi lãkpɔvi ɖea lã ƒe ata eve kple to kakɛ tsoa dzata ƒe nu mee la, nenema ke woaɖe Israel-vi, siwo bɔbɔ nɔ Samaria le aba ƒe dzogoe dzi kple aba ƒe kuntru dzi lae.

Gade chapit la Kopi




Amos 3:12
16 Referans Kwoze  

Ale Yehowa gblɔ nam nye esi, “Abe ale si dzata alo dzatavi tea gbee ne elé nu, eye togbɔ be woyɔa alẽkplɔlawo ƒe ha katã ɖe eŋu, gake woƒe ɣlidodo medoa ŋɔdzi nɛ o, woƒe hoowɔwɔ hã meɖia naneke nɛ o ene la, nenema kee Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, aɖi va anyi ne wòawɔ aʋa le Zion to la kple eƒe to kɔkɔwo dzi.


Ale Asiriatɔwo dze Damasko, Siria ƒe fiadu dzi, woɖe aboyo dua me tɔwo yi ɖada ɖe Kir eye wowu Siria fia Rezin.


Mikaya ɖo eŋu be, “Àkpɔ ŋuɖoɖo na wò biabia sia ne èkpɔ be yebe ɖe xɔ emetɔ aɖe me.”


Ben Hadad gblɔ nɛ be, “Magbugbɔ du siwo fofonye xɔ le fofowò si la na wò; àte ŋu atsa asi kple Damasko abe ale si fofonye wɔ le Samaria ene.” Ahab gblɔ be, “Bla nu kplim, ekema maɖe asi le ŋuwò nàdzo.” Ale wòbla nu kplii eye wòɖe asi le eŋu wòdzo.


Aʋawɔla siwo susɔ la si yi Afek ƒe gliwo megbe, ke gliawo ƒe akpa aɖe mu dze wo dzi eye wo dometɔ akpe blaeve-vɔ-adre ku. Ben Hadad si yi du la me eye wòbe ɖe aƒe aɖe ƒe xɔ ememetɔ me.


Miemlɔa nyiɖubawo dzi, eye miedrana ɖe zikpui bɔbɔewo dzi heɖina ɖe eme; alẽvi kple nyivi damitɔwoe woɖana na mi.


Hafi ɖevi la nate ŋu ayɔ ‘papa’ kple ‘dada’ la, Asiria fia aho aʋa ava dze Damasko kple Samaria dzi, eye wòalɔ woƒe kesinɔnuwo adzoe.”


Wotsi avɔ, ɣitɔ kple blɔtɔ siwo ŋu wosa aklala kple aɖabɛ dzĩtɔ ƒe kawo ɖo la ɖe klosalosigɛ siwo wowɔ ɖe sɔti siwo wotu kple kpe xɔasiwo me la ŋu. Sikazikpuiwo kple klosalozikpuiwo nɔ gbadzaƒe si wowɔ kple kpe xɔasi yibɔtɔwo, dzĩtɔwo, ɣitɔwo kple aŋgbaɖiɖitɔwo.


Esi fia la trɔ gbɔ tso fiasã la ƒe abɔ me hege ɖe kplɔ̃ɖoƒe la ko la, ekpɔ Haman wòmu dze Fiasrɔ̃ Ester dzi le zikpui legbe si dzi wòdze ŋe ɖo la dzi. Fia la blu be, “Aa! Ɖe wòle asi de ge fiasrɔ̃ la ŋu esi wòli kplim le nye aƒe mea?” Fia la mekpɔ wu nuƒo la nu hafi wova tsɔ nu tsyɔ mo na Haman o.


“Nyemage ɖe aƒenye me, alo aɖamlɔ nye aba dzi o.


“Aƒetɔ Yehowa ƒe ŋkuwo le fiaɖuƒe sẽto la ŋuti. Matsrɔ̃ wo ɖa le anyigba dzi, negbe Yakob ƒe aƒe la ko nyematsrɔ̃ keŋkeŋ o,” Yehowae gblɔe.


Ɣe ma ɣi la, amegbetɔ atrɔ ɖe eƒe Wɔla ŋu, eye eƒe ŋkuwo anɔ Israel ƒe Kɔkɔetɔ la dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite