Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Amos 3:1 - Agbenya La

1 O Israel, se nya si Yehowa gblɔ tso mi ƒome blibo si wòkplɔ tso Egipte la ŋu ɖa.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Mise Yehowa ƒe nya, si wògblɔ ɖe mi Israel-viwo, mi ƒome blibo, si wòkplɔ tso Egipte-nyigba dzi la ŋu:

Gade chapit la Kopi




Amos 3:1
18 Referans Kwoze  

Mekplɔ wò do goe tso Egipte, eye mekplɔ wò le gbedzi ƒe blaene sɔŋ, be woava xɔ Amoritɔwo ƒe anyigba.


Eye megblɔ be: “Miɖo to, mi Yakob ƒe kplɔlawo. Mi ame siwo le Israel ƒe aƒe dzi ɖum. Miawoe wòdze be mianya nyui tso vɔ̃ gbɔ


Afi sia afi si manya wo aɖo ɖo la, dukɔ vɔ̃ɖi sia ƒe ame mamlɛawo adi ku wu agbe.’ ” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.


O Israelviwo, mise Yehowa ƒe nyawo. Yehowa saba mi, eye nya siwo wòtsɔ ɖe mia ŋuti la woe nye esiawo: Nuteƒewɔwɔ, lɔlɔ̃ kple sidzedze Mawu megale anyigba blibo la dzi o.


Yehowa be, “Le ɣe ma ɣi la, manye Israel ƒe ƒomeawo katã ƒe Mawu, eye woanye nye dukɔ.”


“O! Yakob, ɖo tom, Israel, ame si meyɔ. Nyee nye gbãtɔ, eye nyee nye mlɔetɔ hã.


Yahaziel gblɔ be, “Miɖo tom, mi ame siwo katã tso Yuda kple Yerusalem kple wò, Fia Yehosafat. Yehowa be, ‘Migavɔ̃ o! Migana aʋakɔ gã sia nana dzidzi naƒo mi o elabena aʋa la menye mia tɔe o ke boŋ Mawu tɔe!


Ame si to senu li na la nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo.


“Miɖo to nya sia, O, mi nunɔlawo kple Israel ƒe aƒe, miƒu to anyi; O, mi fia ƒometɔwo katã, miɖo to, mebe mi katã miatsrɔ̃! Elabena mieble nye dukɔ la le Mizpa, mienye ɖɔ woɖo ɖe Tabɔr to dzi


“O! Yakob ƒe aƒe, miɖo tom. Mi ame siwo katã susɔ na Israel ƒe aƒe la, mi ame siwo melé ɖe asi tso gbe si gbe wofɔ miaƒe fu, eye metsɔ mi tso gbe si gbe wodzi mi


Yehowa be, ‘Elabena, abe ale si alidziblanu nɔa ali dzii na ŋutsu ene la, nenema mebla Israel ƒe aƒe la katã kple Yuda ƒe aƒe la katãe ɖe ɖokuinye ŋu be woanye nye dukɔ, nye bubu, nye kafukafu kple nye atsyɔ̃ gake wogbe toɖoɖo.’


Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi, “Meɖo gbegblẽ ɖe ame siawo ŋuti eye miate ŋu aɖe mia ɖokuiwo ɖa le gbegblẽ sia me o. Miate ŋu agazɔ dadatɔe o elabena anye ɣeyiɣi vɔ̃.


Baba na mi Keretitɔwo, mi ame siwo le ƒuta; O Kanaan, Filistitɔwo ƒe anyigba, Yehowa tsɔ nya ɖe mia ŋu be, “Matsrɔ̃ mi keŋkeŋkeŋ, eye ame aɖeke masusɔ o.”


O Israel, eƒe dɔla ƒe dzidzimeviwo, O Yakob ƒe viwo, ame siwo wòtia.


“Miɖo tom, mi Basan nyinɔ dami siwo le Samaria towo dzi, mi nyɔnu siwo baa hiãtɔwo, eye mietea ame dahewo ɖe to hegblɔna na mia srɔ̃wo be, midi aha vɛ míano!


“O! Israel ƒe aƒe, metsɔ blanuiléle dzi konyifaha sia na wò:


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite