Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Amos 2:4 - Agbenya La

4 Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Le Yuda ƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta la, nyematsɔ wo akee o, elabena egbe nu le Yehowa ƒe seawo gbɔ, eye wògbe eƒe ɖoɖowo dzi wɔwɔ, ke boŋ ena eƒe alakpalegba siwo yome wo fofowo dze la kplɔe trae,

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Ale Yehowa gblɔ esi: Le Yuda ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ etɔ̃ kple eneawo ta, nyematsɔe akee o; elabena wogbe Yehowa ƒe se, eye womelé eƒe ɖoɖowo me ɖe asi o, ke boŋ wona woƒe alakpalegba, siwo yome wo fofowo dze la, kplɔ wo trae.

Gade chapit la Kopi




Amos 2:4
53 Referans Kwoze  

elabena womewɔ ɖe nye sewo dzi o, ke wogbe nye ɖoɖowo, wodo gu nye Dzudzɔgbewo, eye woƒe ŋkuwo biã ɖe wo fofowo ƒe legbawo ŋu.


elabena wogbe nye seawo, womezɔ ɖe nye ɖoɖowo nu o, wogblẽ kɔ ɖo na nye Dzudzɔgbewo, eye woƒe dzi ku ɖe woƒe legbawo ŋu.


“ ‘Ke Israelviwo dze aglã ɖe ŋunye le gbegbe la. Womelé nye ɖoɖowo me ɖe asi o, ke boŋ wogbe nye seawo, togbɔ be ame si wɔa nye seawo dzi la, anɔ agbe. Wogblẽ kɔ ɖo na nye Dzudzɔgbewo. Ale megblɔ be matrɔ nye dziku akɔ ɖe wo dzi, eye matsrɔ̃ wo le gbegbe la.


“Viɖe kae le legba si ame li la ŋuti alo aklamakpakpɛ si daa alakpa la ŋuti? Ame si wɔe la tsɔ eƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe nu si eya ŋutɔ wɔ la dzi elabena ewɔ legba siwo mate ŋu aƒo nu o.


Yehowa tsɔ nya ɖe Yuda hã ŋuti. Woahe to na Yakob hã le eƒe mɔ vɔ̃wo ta, eye woaɖo eƒe nuwɔnawo teƒe nɛ.


Miegblɔna dadatɔe be, “Míeɖo nubabla me kple ku, eye míeɖo gbe ɖi kple yɔdo. Nenye be dɔvɔ̃ zɔ va yi la, maka asi mía ŋu o, elabena míetsɔ alakpa wɔ míaƒe sitsoƒee, eye míetsɔ beble wɔ míaƒe bebeƒee.”


Wotsɔ Mawu ƒe nyateƒe la ɖɔli aʋatsoe; wosubɔa nuwɔwɔwo, eye wodea ta agu na wo wu wo Wɔla, ame si wòle be woakafu tegbetegbe. Amen.


“Le amegbetɔƒome siwo katã le anyigba dzi dome la, miawo ko metia, eya ta wòle be mahe to na mi vevie ɖe miaƒe nu vɔ̃wo ta ɖo,


Megblɔ na wo viwo le gbea dzi be, “Migazɔ ɖe mia fofowo ƒe ɖoɖowo nu o, migawɔ woƒe sewo dzi o, eye migagblẽ kɔ ɖo na mia ɖokuiwo kple woƒe legbawo o.


Ke boŋ wodze woƒe dzi dzeaglãwo yome hekplɔ Baalwo ɖo abe ale si wo fofowo fia woe ene.”


Ŋu akpe nunyalawo, woƒe mo atsi dãa, eye mɔ aɖe wo. Esi wogbe Yehowa ƒe nya la, nunya ka ƒomevie le wo si?


Míewɔ nu tovowo ɖe ŋutiwò, míewɔ wò sededewo, ɖoɖowo kple se siwo wò dɔla Mose de na mí la dzi o.


Ke Yuda gɔ̃ hã gbe Yehowa, woƒe Mawu la ƒe sewo dzi wɔwɔ. Woawo hã to Israel ƒe mɔ vlowo dzi.


Elabena mienya bena menye sika kple klosalo si gblẽna lae wotsɔ xe fe ɖe mia ta heɖe mi tso agbe vlo si mia fofowo gblẽ ɖi na mi la me o,


Nenye be ame aɖe gbe be yemanɔ agbe ɖe ɖoɖo siawo nu o la, menye amegbetɔwo ƒe sewo dzi dam wòle o, ke boŋ Mawu si na eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la mi la ƒe sewo dzi dam wòle.


“O, Yuda, woɖo nuŋeɣi ɖi na wò hã. “Ne megaɖo nye dukɔ ƒe nunyonamewo te,


Woƒe nyagblɔɖilawo siaa akalo ɖe nu ŋu na wo to aʋatsoŋutegawo me, eye wogblɔa alakpanyawo na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi.’ Le esime wònye Aƒetɔ la meƒo nu o hafi.


Miedo vlo nye nu kɔkɔewo, eye miegblẽ kɔ ɖo na nye Dzudzɔgbewo.


“Eya ta gblɔ na Israel ƒe aƒe la be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Ɖe miado gu mia ɖokuiwo abe ale si mia fofowo wɔ, biã ŋku ɖe aklamakpakpɛ dzodzrowo ŋua?


Esi mietsɔ alakpa ɖe dzi le ame dzɔdzɔewo ƒo le esime nyemeda nuxaxa ɖe wo dzi o, eye esi miedo ŋusẽ ame vɔ̃ɖiwo be womagaɖe asi le woƒe mɔ vɔ̃ɖiwo ŋu o, ale be woaɖe woƒe agbe o ta la,


Ke miawo la, miewɔ nu vɔ̃ɖi wu mia fofowo. Kpɔ ale si mia dometɔ ɖe sia ɖe dze eƒe dzi vɔ̃ɖi ƒe aglãdzedze yomee hegbe toɖoɖom ɖa!


Woasia wo, eye ɣe aɖu wo, ɣleti kple dziƒoŋunuwo aklẽ ɖe wo dzi, nu siwo wotsɔ lɔlɔ̃ na hesubɔ nu siwo yome wodze hebia nu le wo gbɔ eye wode ta agu na wo. Womafɔ wo alo aɖi wo o, ke boŋ woanɔ abe gbeɖuɖɔ ene anɔ anyigba.


Oo, anyigba, see. Mele gbegblẽ he ge va dukɔ sia dzi, esia nye woƒe tameɖoɖowo ƒe metsonu, elabena womeɖo to nye nyawo o, eye wogbe nye se dzi wɔwɔ.


Etsɔ eƒe susu da ɖe dzofi dzi, eye dzi si woble la kplɔe trae, ale mate ŋu aɖe eɖokui alo agblɔ be, “Ɖe nu si melé ɖe nye nuɖusime la menye aʋatso oa?”


“Ke, togbɔ be nèwɔ esiawo katã na wo hã la, wosẽ to, eye wodze aglã ɖe ŋuwò. Woɖe asi le wò sewo ŋu, wowu nyagblɔɖila siwo gblɔ na wo be woatrɔ ava gbɔwò, eye wogawɔ nu vɔ̃ vɔ̃ɖi bubu geɖewo.


Miganɔ abe mia nɔviwo, ame siwo wɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu ŋu eye wòtsrɔ̃ wo la ene o.


Israelviwo gawɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume. Wosubɔ Baalwo kple Astarɔtwo kple Aramtɔwo, Sidontɔwo, Moabtɔwo kple Amonitɔwo kple Filistitɔwo ƒe mawuwo. Esi Israelviwo gbe nu le Yehowa gbɔ eye womegasubɔnɛ o ta la,


ekema nàgblɔ na wo be elabena mia fofowo gblẽm ɖi hedze mawu bubuwo yome; wosubɔ wo eye wode ta agu na wo. Wogbem eye womelé nye seawo me ɖe asi o.


Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Le Damasko ƒe nu vɔ̃ gbogbo siwo wòwɔ edziedzi ta la, nyematsɔ wo akee o, elabena edugu Gilead kple galuƒomɔ abe ale si wotsɔa galuƒomɔ dugua lu ene.


Miaƒe kesinɔtɔwo yɔ fũu kple ŋutasẽse eye miaƒe dukɔmeviwo daa alakpa eye amebeble le aɖe dzi na wo.


Esi Fia Amazia ɖu Edomtɔwo dzi eye wòtrɔ gbɔ la, etsɔ legba siwo woxɔ le Seirtɔwo si la gbɔe. Etsɔ wo ɖo mawuwoe, dea ta agu na wo eye wòdoa dzudzɔ na wo.


Gake ne miegbe toɖoɖom, miewɔ Dzudzɔgbe la kɔkɔe o, mietsɔ agba to Yerusalem ƒe agbowo me le Dzudzɔgbe ŋkeke la dzi la, ekema mado dzo matsimatsi ɖe Yerusalem ƒe agbowo nu eye wòafia eƒe mɔ sesẽwo.’ ”


Le dɔ me la, elé nɔvia ƒe afɔkpodzi, eye esi wòtsi zu ŋutsu la, ete kame kple Mawu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite