Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Amos 1:3 - Agbenya La

3 Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Le Damasko ƒe nu vɔ̃ gbogbo siwo wòwɔ edziedzi ta la, nyematsɔ wo akee o, elabena edugu Gilead kple galuƒomɔ abe ale si wotsɔa galuƒomɔ dugua lu ene.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Ale Yehowa gblɔ esi: Le Damasko ƒe nu vɔ̃ɖi wowɔ etɔ̃ kple eneawo ta la, nyematsɔe akee o; elabena emli galuƒotasiaɖam to Gilead dzi.

Gade chapit la Kopi




Amos 1:3
26 Referans Kwoze  

“Le Israel ƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta la, “Nyematsɔ wo akee o, elabena etsɔ ame dzɔdzɔe dzra ɖe klosalo ta, eye wòtsɔ ame dahe dzra ɖe atokota dodo ɖeka pɛ ta.


Ale Yehowa gblɔe nye esi, “Le Tiro ƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta la, nyematsɔ wo akee o, elabena eda le nubabla si le eya kple Israel dome la dzi, eye wòdze edzi, wɔ aʋa kplii hekplɔe yi ɖe kluvinyenye me le Edom.


Hafi ɖevi la nate ŋu ayɔ ‘papa’ kple ‘dada’ la, Asiria fia aho aʋa ava dze Damasko kple Samaria dzi, eye wòalɔ woƒe kesinɔnuwo adzoe.”


Hazael biae be, “Nu ka ta nye aƒetɔ le avi fam?” Elisa ɖo eŋu be, “Menya nu vɔ̃ɖi siwo nèle wɔwɔ ge Israelviwo; àtɔ dzo woƒe mɔwo, àwu woƒe ɖekakpuiwo, àxlã woƒe vidzĩwo ɖe agakpewo eye àdze ƒodo le woƒe funɔwo nu!”


Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Le Yuda ƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta la, nyematsɔ wo akee o, elabena egbe nu le Yehowa ƒe seawo gbɔ, eye wògbe eƒe ɖoɖowo dzi wɔwɔ, ke boŋ ena eƒe alakpalegba siwo yome wo fofowo dze la kplɔe trae,


Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Le Moab ƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta la, nyematsɔ wo akee o, elabena etsɔ Edom fia ƒe ƒuwo me akaloe.


Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Le Amon ƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta la, nyematsɔ wo akee o, elabena le woƒe aʋa si wowɔ le Gilead be yewoakeke yewoƒe liƒowo ɖe edzi me la, wotsɔ yi dze ƒodo na Gilead ƒe funɔwo.


Ale Yehowa gblɔe nye esi, “Le Gaza ƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta la, nyematsɔ wo akee o, elabena eɖe aboyo nye ameha gã aɖe, eye wòdzra wo kluviwoe na Edom.


Yehowa ƒe nya tsi tsitre ɖe Hadraknyigba ŋu, eye ava Damasko hã dzi, elabena Yehowa ƒe ŋku le amewo kple Israel ƒe toawo katã ŋu.


Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Le Edom ƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta la, nyematsɔ wo akee o, elabena eɖe Israel ɖe nu kple yi, eye wòlé dziku ɖe dɔ me ɖikaa, hegbe be yemakpɔ nublanui nɛ o.


“Kpɔ ɖa, matsɔ wò awɔ luƒomɔ yeye ɖaɖɛ si ƒe aɖuwo sɔ gbɔ fũu. Àfanya towo, agbã wo gudugudu, eye àwɔ togbɛwo woazu fufu.


elabena Siria ƒe tae nye Damasko, eye Damasko ƒe tae nye Rezin. Le ƒe blaade-vɔ-atɔ̃ la me, woagbã Efraim gudugudu, ale womaganɔ te o.


Ma wò nunanawo ɖe akpa adre alo akpa enyi me elabena ɖewohĩ wò ŋutɔ ahiã kpekpeɖeŋu geɖe le ŋkeke siwo ava la me.


Nu adree Yehowa tsri, eye nu adree nye nu siwo wònyɔa ŋui:


Zi ewo sɔŋue nye esi miedo vlom eye mieti kpo dze dzinye ŋumakpemakpetɔe.


Aɖe wò le dzɔgbevɔ̃e ade me eye le adrelia me la, vɔ̃ aɖeke mawɔ wò o.


Mlɔeba la, Yehowa na sɔdola blaatɔ̃ kple tasiaɖam ewo kple aʋawɔla akpe ewo (10,000) ko susɔ ɖe Fia Yeroboam ƒe aʋakɔ me elabena Siria fia tsrɔ̃ ame bubuawo abe ʋuʋudedi wonye le eƒe afɔ te ene.


Ale Yehowa do dɔmedzoe ɖe Israel ŋu eye wòɖe mɔ be Siria fia, Hazael kple via Ben Hadad naɖu wo dzi enuenu.


Yehu awu ame sia ame si asi le Hazael ƒe yi nu eye Elisa awu ame sia ame si asi le Yehu ƒe yi nu.


Ale Asiriatɔwo dze Damasko, Siria ƒe fiadu dzi, woɖe aboyo dua me tɔwo yi ɖada ɖe Kir eye wowu Siria fia Rezin.


gake hafi ɖevi la nanya ale si wòade vovototo nyui kple vɔ̃ domee la, fia eve siwo mievɔ̃na na vevie la ƒe anyigba azu gbegbe.


Wometsɔa luƒomɔ ƒoa sikɔnie alo tsɔa keke zɔa adrike dzi hafi woklẽna o, ke boŋ wotsɔa kpo ƒoa sikɔnie, eye wotsɔa ati ƒoa adrikee.


Ava Hamat si ƒo xlãe la hã dzi, eye ava Tiro kple Sidon hã dzi togbɔ be wodze aye ale gbegbe hã.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite