“O Hesbon, fa avi kple ɣli, elabena wogbã Ai! Mido ɣli, O mi Raba me nɔlawo! Mita akpanya ne miafa konyi; miƒu du tso afii yi afi mɛ le glikpɔtɔtɔ la me, elabena Molek ayi aboyo me, kpe ɖe nunɔlawo kple dumegãwo ŋuti.
mado nye asi ɖa ɖe mia ŋu, eye matsɔ mi ana dukɔwo abe nuhaha ene. Maɖe mi ɖa le dukɔwo dome, eye matsrɔ̃ mi le anyigbawo dzi. Matsrɔ̃ mi, eye mianya be nyee nye Yehowa.’ ”