Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Amos 1:12 - Agbenya La

12 Eya ta matɔ dzo Teman, eye wòabi Bozra ƒe mɔ sesẽwo.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eyata mada dzo ɖe Teman, ne wòafiã Bozra ƒe fiasãwo.

Gade chapit la Kopi




Amos 1:12
14 Referans Kwoze  

Eya ta ɖo to nàse nu si Yehowa ɖo ɖe Edom ŋuti, kple nu si wòɖo kplikpaa ɖe Temantɔwo ŋu: Woahe alẽviwo adzoe le alẽha me, agblẽ woƒe gbeɖuƒe keŋkeŋkeŋ le woƒe nuwɔwɔwo ta.


Ku ɖe Edom ŋuti: Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Nunya megale Teman oa? Ɖe aɖaŋudede vɔ le ame ŋkuta sia? Ɖe woƒe nunya lé ɣebia?


Kpɔ ɖa! Hɔ̃ aɖe ayi yame ʋĩi, eye wòade agba anyi ɖe Bozra dzi. Gbe ma gbe la, Edom ƒe kalẽtɔwo ƒe dzi anɔ abe nyɔnu si le ku lém la tɔ ene.


Yehowa be, “Meta ɖokuinye ƒe agbe be, Bozra azu aƒedo, ŋɔdzinu, ŋunyɔnu kple ɖiŋudonu eye eƒe duwo katã azu aƒedo tegbetegbee.”


Yehowa ƒe yi ƒo ʋu bekee, eye ami bla ɖe eŋu. Alẽviwo kple gbɔ̃wo ƒe ʋu le eŋu, hekpe ɖe ami si bla ɖe agbowo ƒe ayiku ŋu, elabena Yehowa ɖu vɔsaŋkekenyui le Bozra, eye wòwu lã geɖewo le Edom.


Esi Bela ku la, Yobab, Zera ƒe vi si tso Bozra la zu fia.


Elifaz ƒe viŋutsuwoe nye: Teman, Omar, Zefo, Gatam kple Kenaz.


Nye yi no nu ɖi kɔ le dziƒo. Kpɔ ɖa eɖiɖi kple ʋɔnudɔdrɔ̃ ɖe Edom dzi; ame siwo metsrɔ̃ gbidigbidi.


Ame kae nye esi gbɔna tso Bozra le Edom, eye aŋɔ dzĩ ƒo eƒe awuwo? Ame kae nye esi ɖo atsyɔ̃, eye wòle zɔzɔm le eƒe ŋusẽ triakɔ me? “Nyee le nu ƒom le dzɔdzɔenyenye me. Ŋusẽ le asinye be maɖe ame.”


ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Mado nye asi ɖa ɖe Edom ŋu, eye mawu eƒe amewo kple woƒe lãwo. Mana wòazu gbegbe, eye eƒe amewo atsi yi nu tso Teman va se ɖe Dedan.


Ŋutega si Obadia kpɔ. 1 Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ tso Edom ŋutie nye esi: Míese gbe tso Yehowa gbɔ be, wodɔ dɔla aɖe be wòagblɔ na dukɔwo be, “Mitso, mina míaho aʋa ɖe Edom ŋu!”


Mawu tso Teman va. Kɔkɔetɔ la ɖi tso Paran to dzi. Sela. Eƒe ŋutikɔkɔe yɔ dziƒowo eye eƒe kafukafu yɔ anyigba dzi!


Esi Bela ku la, Yobab, Zera ƒe vi, tso Bozra zu fia.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite