Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 9:8 - Agbenya La

8 Saulo wɔ ɖɔɖɔɖɔ tso le anyigba, gake nukutɔe la, megate ŋu nɔ nu kpɔm o; eƒe ŋku dzi tsyɔ eya ta wolé eƒe alɔnu kplɔe ɖɔɖɔɖɔ yi Damasko.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Tete la Saul tsi tre tso anyigba; ke esi wòdu ŋku la, mekpɔ amea ɖeke o, eye wòlé eƒe alɔnu, eye wokplɔe yi Damasko.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 9:8
10 Referans Kwoze  

“Ke esi metso le anyigba la, mede dzesii be nyemegate ŋu nɔ nu kpɔm o le kekeli gã ma ta eya ta ame siwo le ŋunye la lém ɖɔɖɔɖɔ hekplɔm yi Damasko.


Enumake ewɔ abe nane ƒe tsrowoe ge le eƒe ŋkuwo dzi ene. Ŋkuawo ʋu, eye wògade asi nukpɔkpɔ me. Anania de mawutsi ta nɛ enumake.


Azɔ Mawu ahe to na wò, eya ta wò ŋkuwo agbã, ale be màgate ŋu akpɔ ɣe ƒe keklẽ o hena ɣeyiɣi aɖe.” Enumake Elima ƒe ŋku dzi tsyɔ̃ eye wòde asi asitsatsa le yame me henɔ kuku ɖem be ame aɖe nalé yeƒe alɔnu afia mɔ ye.


eye wona Sodomtɔwo ƒe ŋkuwo dzi tsyɔ sẽe, ale be womegate ŋu kpɔ ʋɔtru la o.


Yehowa biae be, “Ame kae wɔ nuwo na amewo? Menye nye, Yehowae oa? Ame kae wɔ aɖetututɔ alo tokunɔ, alo nukpɔla, alo ŋkuagbãtɔ? Alo menye nye Yehowae oa?


Wodze aʋakɔ la dzi le zã ma me, eye wonya wo va se ɖe Hoba le Damasko ƒe anyiehe lɔƒo.


Enɔ dua me ŋkeke etɔ̃ numaɖumaɖu kple tsimanomanoe.


Esi menɔ Damasko la, fia Areta ɖo asrafowo dua ƒe agbowo nu be woalém,


Nyemeyi Yerusalem be matsɔ nya la aɖo ame siwo nye apostolowo do ŋgɔ nam la ŋkume o, ke boŋ meyi Arabia. Emegbe la, metrɔ yi Damasko.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite