Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 9:1 - Agbenya La

1 Saulo gado adã ɖe xɔsetɔwo ŋu vevie wu tsã, eye wòlé gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo ganɔ wo yome tim kple ŋkubiã. Eƒe susu kple didi katã koe nye be yeatsrɔ̃ Aƒetɔ la ƒe nusrɔ̃lawo. Le esia ta la, eyi nunɔlagã la gbɔ

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Ke Saul, si galé ŋɔdzidodo kple hlɔ̃dodo ƒe gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo ɖe Aƒetɔ la ƒe nusrɔ̃lawo ŋuti la, yi ɖe nunɔlagã gbɔ,

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 9:1
10 Referans Kwoze  

Ke Saulo ɖoe kplikpaa be yeagblẽ hame la. Etsoa aƒe me yia aƒe me, léa ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa ɖadea gaxɔ me.


togbɔ be meɖu fewu le Kristo ƒe ŋkɔ ŋuti kpɔ gɔ̃ hã. Meti eƒe amewo ƒe agbe yome, eye mewɔ nu vevi wo le mɔ ɖe sia ɖe si dzi mate ŋui la nu. Ke Mawu kpɔ nublanui nam, elabena nyemenya nu si wɔm menɔ la o, eye dzixɔse menɔ asinye o.


Miese nu tso ale si menɔ agbee va yi ŋu esi menɔ Yudatɔwo ƒe subɔsubɔ yome; ale si meti Mawu ƒe hame la yome nublanuimakpɔmakpɔtɔe, hedze agbagba be matsrɔ̃ wo.


Elabena nyee nye apostoloawo katã dometɔ suetɔ eye le ale si mewɔ fu Mawu ƒe hamea ta la, mele be woayɔm gɔ̃ hã be apostolo hafi o.


Emegbe la, wohee do goe le dua me be yewoaƒu kpee wòaku. Ɖasefowo kple amewulawo ɖe woƒe awuwo na ɖekakpui aɖe si woyɔna be Saulo la be wòakpɔ wo dzi na yewo.


Ke le hamea yometiti me la, ame aɖeke mewum o, eye le dzɔdzɔenyenye si tso sea me nu la, mokakamanɔŋutɔ menye.


Mègatsɔm de asi na nye futɔwo ƒe didi o, elabena alakpaɖasefowo tso ɖe ŋutinye kpe ɖe ame siwo lɔ ŋutasesẽ ƒe gbɔgbɔtsixɛ ɖe ƒo la ŋuti.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite