Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 8:26 - Agbenya La

26 Ke le Filipo gome la, mawudɔla aɖe va gblɔ nɛ be, “Tso nàyi mɔ si tso Yerusalem heto Gaza gbegbe la dzi.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Ke Aƒetɔ ƒe dɔlaa ɖe ƒo nu na Filipo gblɔ bena: Tsi tre, eye nayi dziehe gome, ɖe mo, si tso Yerusalem yina Gaza, si nye gbedzimɔ la dzi.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 8:26
18 Referans Kwoze  

Ke le zã me la, mawudɔla aɖe va apostoloawo gbɔ le gaxɔa me. Eʋu gaxɔ la ƒe agbowo, eye wòkplɔ wo do goe. Egblɔ na wo be,


Ekema nu kawoe mawudɔlawo nye? Wo katã nye gbɔgbɔ siwo subɔa Mawu, eye Mawu dɔa wo be woakpe ɖe ame siwo anyi ɖeɖekpɔkpɔ ƒe dome la ŋuti.


Elabena le zã si va yi me la, nye Mawu si mesubɔna la ɖo eƒe dɔla ɖe gbɔnye wòva gblɔ nam be,


Ke mawudɔla aɖe gblɔ na Nyagblɔɖila Eliya, Tisbitɔ la be, “Yi nàdo go ame siwo Samaria fia dɔ eye nàbia wo be, ‘Nyateƒee wònye be Mawu aɖeke mele Israel oa? Eya ta mieyina Baal Zebub, Ekrontɔwo ƒe mawu gbɔ be miabia ne fia la ƒe lãme asẽa?’


Enumake, mawudɔla aɖe ƒo Herodes ƒu anyi, elabena metsɔ kafukafu na Mawu o. Ŋɔviwo ɖui, eye wòku.


Ŋutsuawo ɖo eŋu nɛ be, “Ame dɔdɔwo mienye tso Kornelio si nye Romasrafowo ƒe amegã ɖeka la gbɔ. Enye ame dzɔdzɔe kple mawuvɔ̃la eye Yudatɔwo katã hã bunɛ ŋutɔ. Mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fiae, eye wòbia tso esi be wòadɔ ame ne woayɔ wò vɛ be nàgblɔ nu si wòawɔ la nɛ.”


Esi mawudɔla la dzo teti ko la, Kornelio yɔ eƒe subɔla eve kple eya ŋutɔ ƒe asrafowo dometɔ ɖeka, ame si hã vɔ̃a Mawu la,


Askelon akpɔe, eye vɔvɔ̃ aɖoe. Gaza aŋe kple vevesese. Nenema kee nye Ekron hã, elabena eƒe mɔkpɔkpɔ abu ɖee. Woawu Gaza fia, eye Askelon azu aƒedo.


Gaza kple eƒe kɔƒewo, heyi keke Egipte ƒe tɔʋu la kple Domeƒu la ƒe ƒuta, tso Egipte tɔʋu la nu le anyigbeme yi Tiro le dzigbeme ŋu.


Aɖaŋudɔwɔla siawo nya sika, klosalo, akɔbli kple gayibɔ ŋu dɔ wɔwɔ nyuie eya ta dze dɔ la gɔme eye Yehowa nanɔ kpli wo.”


si tso Sixor tɔsisi la gbɔ le Egipte ƒe liƒo dzi heyi anyiehe ke, elabena wobu anyigba si va tɔ Ekron ƒe liƒo la abe Kanaantɔwo ƒe anyigba ene. Filistitɔwo ƒe fiawo nɔ Gaza, Asdod, Askelon, Gat kple Ekron; hekpe ɖe Avitɔwo ŋu


tso Sidon yi Gerar va Gaza, Sodom, Gomora, Adma kple Zeboyim va se ɖe Lasa.)


Filipo hã yi Samaria, eye wòɖe gbeƒã le Kristo ŋuti na wo.


Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gagblɔ na Filipo be, “Te ɖe tasiaɖam la ŋu.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite