Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 8:10 - Agbenya La

10 Amewo katã ku ɖe eŋu; ame ŋkutawo kple ame gblɔewo siaa, eye woda ŋkɔ ɖe edzi be, “Ame siae nye Mawu ƒe ŋusẽ si woyɔna be Ŋusẽ Gã” la.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 amesia ŋuti wo katã ku ɖo, tso ɖeviwo dzi vaseɖe tsitsiawo dzi, hele gbɔgblɔm bena: Amesiae nye Mawu ƒe ŋusẽ la, si woyɔna be gã.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 8:10
12 Referans Kwoze  

Ame aɖeke magafia nu ehavi alo nɔvia agblɔ be, ‘Dze si Yehowa’ o, elabena wo katã woadze sim tso ɖeviwo dzi va se ɖe tsitsiawo dzi,” Yehowae gblɔe. “Elabena matsɔ woƒe vodadawo ake wo eye nyemagaɖo ŋku woƒe nu vɔ̃wo dzi o.” Yehowae gblɔe.


Edze abe lã wɔadã la ƒe tawo dometɔ ɖeka ɖe wòxɔ abi vevie ene, gake abi gã si wòxɔ la ku. Xexea me katã ƒe nu ku, eye wodze lã wɔadã la yome.


Ame geɖewo adze woƒe ŋukpenanuwɔwɔwo yome eye woagblɔ busunya ɖe nyateƒe la ŋu.


Ekema míaganɔ abe ɖeviwo ene o, ame siwo anɔ yiyim, anɔ gbɔgbɔm abe ale si ƒutsotsoe kple ya lɔa nu ɖe nu ene, to amewo ƒe alakpanufiafiawo, ayedzedze kple beble nuwɔnawo me o,


Miebe nunyalawoe yewonye, gake mieɖoa to bometsinyawo dzidzɔtɔe.


ke hena ame siwo Mawu yɔ la, Yudatɔwo kple Grikitɔwo siaa la, Kristoe nye Mawu ƒe ŋusẽ kple nunya.


Ameawo nɔ mɔ kpɔm be Paulo ƒe abɔ ate, eye wòadze anyi aku, ke esi wolala ʋuu nya aɖeke medzɔ ɖe edzi o la, wotrɔ woƒe susuwo hegblɔ be Paulo la, Mawu aɖe koko wòanye.


Esi ameha la kpɔ nukunu si Paulo wɔ la, wodo ɣli le Likaoniagbe me be “Mawuawo ɖi va mía gbɔ le amegbetɔ ƒe nɔnɔme me!”


Ame siwo le Ninive dua me la xɔ Mawu dzi se; woɖe gbeƒã nutsitsidɔ, eye ame sia ame, tsitsiawo kple ɖeviwo siaa ta akpanya.


Eya ta maxɔ wo srɔ̃wo atsɔ na ŋutsu bubuwo eye maxɔ woƒe agblewo atsɔ na amedzrowo. Tso ɖeviawo dzi va se ɖe tsitsiawo dzi, wo katã le ŋu biãm ɖe viɖe ŋu. Nyagblɔɖilawo kple Nunɔlawo siaa nye ameblelawo.


“Elabena wo katã wonye ŋuklẽlawo ɖe viɖe ŋuti, tso ɖeviwo dzi va se ɖe tsitsiawo dzi, nyagblɔɖilawo kple nunɔlawo siaa nye alakpatɔwo.


Emegbe, asrafomegãwo katã kpe ɖe Yohanan, Karea ƒe vi, Yezania, Hosaya ƒe vi kple ameha la katã ŋu tso ɖeviwo dzi va se ɖe tsitsiawo dzi va


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite