Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 7:41 - Agbenya La

41 Eya ta wowɔ legba ɖe nyivi ƒe nɔnɔme me, eye wosubɔ nu si wotsɔ woƒe asi wɔe la kple dzidzɔ blibo hesaa vɔ nɛ.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

41 Eye wowɔ nyivi le ŋkeke mawo me, eye womè nu na legba, eye wokpɔ dzidzɔ le woƒe asinudɔwɔwɔwo ŋu.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 7:41
11 Referans Kwoze  

togbɔ be wowɔ sikanyivilegba, eye wogblɔ be ‘Esiae nye míaƒe mawu! Eyae kplɔ mi tso Egipte’ hã. Wowɔ nu vɔ̃ le mɔ geɖewo nu,


Amegbetɔƒomea si susɔ, ame siwo dɔvɔ̃ siawo mewu o la gbe tɔtrɔ le woƒe asiwo ƒe nu tovowo wɔwɔ me. Wogbe be yewomaɖe asi le gbɔgbɔ vɔ̃wo subɔsubɔ, sika, klosalo, akɔbli, kpe kple ati legba siwo metea ŋu kpɔa nu, sea nu loo alo zɔna o la subɔsubɔ ŋuti o.


“Esi medo go Israel la, enɔ nam abe waintsetse le gbegbe ene; esi medo go wo fofowo la, enɔ nam abe gbotsetse gbãtɔ le gboti dzi ene. Ke esi wova Baal Peor gbɔ la, wotsɔ wo ɖokuiwo na ŋukpenalegba la eye woɖi gbɔ̃ abe legba si ŋu woku ɖo la ene.


O Israel, migakpɔ dzidzɔ abe ame bubuwo ene o, elabena miegbe miaƒe Mawu la hesa vɔ na mawu bubuwo, eye mielɔ̃ gbolowo ƒe nunanawo le lugbɔƒe ɖe sia ɖe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite