Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 6:4 - Agbenya La

4 ale be míawo la, míakpɔ ɣeyiɣi awɔ míaƒe dɔ si nye gbedodoɖa, mawunyagbɔgblɔ kple nufiafia amewo.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Ke miawo la miana gbedodoɖa kple nya la ƒe subɔsubɔ dzi.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 6:4
18 Referans Kwoze  

Wonɔ gbedodoɖa dzi atraɖii kple nyɔnu siwo nɔ wo ŋu kpakple Yesu dada Maria kple Yesu nɔviŋutsuwo.


Ame siawo kpena enuenu hena apostolowo ƒe nufiafia, habɔbɔ, Aƒetɔ ƒe nuɖuɖu kɔkɔe la ɖuɖu kple gbedodoɖa.


nàɖe gbeƒã Mawu ƒe nya la kple vevidodo nu ɣeawo katã ɣi, ɣe sia ɣi si nàkpɔ mɔnu ko, vovo li o, vovo meli o. Fia mɔ nyuitɔwo, eye nàka mo na wò amewo ne ehiã. Do ŋusẽ wo be woawɔ nu si dze, eye nàtsɔ Mawu ƒe nya anyi wo kple dzigbɔɖi ɣe sia ɣi.


Mawu nya ale si medoa gbe ɖa enuenu ɖe mia tae. Metsɔa miawo kple miaƒe hiahiãwo yia gbedodoɖa me zã kple keli na ame si mesubɔna kple nye ŋusẽ katã, eye megblɔa Nyanyui la tsoa Via ŋu na ame bubuwo.


Migblɔ na Arkipo be, “Kpɔ egbɔ be nèwɔ subɔsubɔdɔ siwo katã Aƒetɔ la be nàwɔ.”


Adzɔ dzi nam ŋutɔ nenye be ɖe mianya ale si meʋlina ŋutɔ ɖe miawo kple ame siwo le Laodikea la kple nɔvi vevi bubu siwo menyam kura o la hã ta.


Eye ne mele gbe dom ɖa ɖe mia ta la, dzidzɔ sɔŋ yɔa nye dzi me,


Elabena nyemedze na kafukafu tɔxɛ aɖeke le nye mawunyagbɔgblɔ ta o. Ele nam kokoko be manɔ egbɔgblɔ dzi ɣe sia ɣi madzudzɔmadzudzɔe. Ne meke atse dzudzɔ la, baba nam!


Epafra, mia dometɔ ɖeka, ame si nye Yesu Kristo ƒe dɔla hã do gbe na mi nyuie. Ele ʋiʋlim ɖe mia ta le gbedodoɖa me ɣe sia ɣi be mianɔ te sesĩe le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu blibo la me, atsi, eye miakpɔ kakaɖedzi blibo.


Zekaria tsi gbedoxɔ la me va se ɖe esime eƒe subɔsubɔŋkeke mamlɛawo wu enu, eye wòtrɔ yi aƒe me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite