Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 6:10 - Agbenya La

10 Gake wo dometɔ aɖeke mete ŋu ɖu Stefano dzi o, le eƒe nunya kple gbɔgbɔ si le eme la ta.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Eye womete ŋu tsi tre de nunya kple gbɔgbɔ, si wòtso le nu ƒom la nu o.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 6:10
18 Referans Kwoze  

elabena mana nunya mi, eye made nya siwo katã miagblɔ la nu me na mi, ale be ame aɖeke mate ŋu atsi tsitre ɖe nu siwo miagblɔ la ŋu o.


Nyemeɖe ami ɖe nye mawunyagbɔgblɔ kura o, ke boŋ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋutɔ nɔ menye hedo ŋusẽ nye nyawo, ale be ame siwo se nyawo la dze sii be Mawu gbɔe wotso, ke menye xexemenunyala aɖeke ƒe nyawo wonye o.


Gbedoxɔŋudzɔlaawo ɖo eŋu na wo be, “Ame aɖeke meƒo nu abe ŋutsu sia ene kpɔ o.”


Gake gbɔgbɔ si le ame me, Ŋusẽkatãtɔ la ƒe gbɔgbɔe naa gɔmesesee.


Azɔ la, yii, elabena makpe ɖe ŋuwò be nàƒo nu nyuie, eye magblɔ nu si nàgblɔ la na wò.”


Eya adze ŋgɔ na Aƒetɔ la, anɔ Eliya ƒe gbɔgbɔ kple ŋusẽ me be wòatrɔ fofowo ƒe dziwo ɖe wo viwo ŋu, eye tomaɖolawo ɖe ame dzɔdzɔewo ƒe nunya ŋu, be wòadzra ame siwo wodzra ɖo ɖi na Aƒetɔ la ɖo.”


“Mi tosesẽtɔ siawo, ɖe wòle be miasẽ dzime atsi tsitre ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋu ɣe sia ɣia? Ɛ̃, Alea tututu mia tɔgbuiwo wɔe nye esi, eye eya ƒomevi ko wɔm miawo hã miele.


Ke ne meƒo nu na wò la, maʋu nu na wò, eye nàgblɔ na ameawo be, ‘Esiae nye nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔ.’ Ame sia ame si aɖo toe la, neɖo toe, eye ame sia ame si agbe toɖoɖoe la, negbe, elabena ƒome dzeaglãwo wonye.”


elabena nya le asinye fũu, eye nye gbɔgbɔ le dzinye zim.


Gake nenye Mawu ƒe dɔ wɔm wole vavã la, ekema miate ŋu atsi enu gbeɖe o. Gawu la, ne miekpɔ nyuie o la, miakpɔ be yewole kame tem kple Mawu.”


Ke nye la, ŋusẽ yɔ menye taŋtaŋ, Yehowa ƒe Gbɔgbɔ le dzinye eya ta matsɔ dzɔdzɔenyenye kple ŋusẽ aɖe gbeƒã Yakob ƒe nu tovowo wɔwɔ kple Israel ƒe nu vɔ̃.


Mawɔ wò nànye gli na ame siawo eye nànye akɔbligli sesẽ na wo. Woawɔ avu kpli wò, gake womaɖu dziwò o, elabena meli kpli wò be maxɔ na wò.


lãnu sia lãnu si wotu ɖe ŋutiwò la, madze edzi o, eye àɖu aɖe sia aɖe si atso ɖe ŋutiwò le ʋɔnu la dzi. Esiae nye Yehowa ƒe dɔlawo ƒe domenyinu, eye wòganye afiatsotso na wò tso gbɔnye,” Yehowae gblɔe.


Ke yometiti va na xɔseha tso Yudatɔwo ƒe xɔseha aɖe si woyɔna be, Ablɔɖe ƒuƒoƒe la me. Ha sia me nɔlawo nye Yudatɔ siwo tso Kirene, Aleksandria kple Kilikia nutowo me kpakple Asia. Ame siawo de asi nyahehe me kple Stefano.


Le esia ta la, wokplɔ ŋutsu aɖewo be woava ɖi aʋatsoɖase be, “Míese Stefano wòle busunya gblɔm ɖe Mose kple Mawu ŋu.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite