Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 4:34 - Agbenya La

34 Hiãtɔ aɖeke menɔ wo dome o, elabena enuenu ame siwo si anyigbawo alo aƒewo nɔ la tsɔ wo dzra, eye ga home si wokpɔ la,

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

34 Elabena hiãtɔa ɖeke mele wo dome o; elabena ame geɖe alesi si anyigbawo alo xɔwo le la, tsɔ wo dzra, eye wotsɔ nusiwo wodzra la ƒe home vɛ,

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 4:34
14 Referans Kwoze  

wotsɔ woƒe kesinɔnuwo kple nunɔamesiwo dzra, eye woma ga la na ame sia ame ɖe eƒe hiahiã nu.


Mele egblɔm na mi be mitsɔ anyigbadzinu madzɔmadzɔwo dze xɔlɔ̃woe na mia ɖokui, ne wo nu va yi vɔ la, woaxɔ mi ɖe aƒe mavɔ la me.


Midzra nu siwo le mia si, eye miatsɔ ga la ana hiãtɔwo, esia adzi miaƒe fetu si le dziƒo la ɖe edzi. Ne miedzra miaƒe kesinɔnuwo ɖo ɖe dziƒo, fiafitɔ aɖeke mate ŋu afi wo o, eye gbagbladza aɖeke hã mate ŋu aɖu wo o.


Azɔ Yesu bia nusrɔ̃lawo be, “Esi medɔ mi be miyi ɖagblɔ nyanyui la eye mietsɔ ga, mɔzɔkotoku alo awu eve ɖe asi o eye miedo afɔkpa hã o ɖe, nane hiã mia?” Woɖo eŋu nɛ be, “Naneke mehiã mí o.”


Yesu kpɔe dũ eye wòlɔ̃e, gblɔ nɛ be, “Nu vevi ɖeka susɔ si mèwɔ o. Yi nàdzra wò nuwo katã, eye nàtsɔ ga la ana ame dahewo bena kesinɔnuwo nanɔ asiwò le dziƒo. Le esia megbe la, va, nàdze yonyeme.”


Yesu gblɔ nɛ be, “Ne èdi be yeazu ame dzɔdzɔe blibo la, yi nàdzra nu sia nu si le asiwò la, eye nàtsɔ ga la na ame dahewo, ekema kesinɔnuwo anɔ dziƒo na wò. Ne èwɔ esia vɔ la, va nàdze yonyeme.”


Yehowa, míaƒe Mawu la kpɔ mía ta, eye wòyra míaƒe afɔɖeɖe ɖe sia ɖe le míaƒe mɔzɔzɔ me le ƒe blaene siawo katã me, esime míetsa tsaglalã le gbegbe gã la. Naneke mehiã mí le ɣeyiɣi ma katã me o!


To esia wɔwɔ me la, woanɔ kesinɔnu vavãwo ƒom ƒu ɖe dziƒo na wo ɖokuiwo. Eya koe anye gɔmeɖoanyi nyui hena ɣeyiɣi si gbɔna, be woƒe asi nasu agbe vavã la dzi.


dzra eƒe agble hetsɔ ga la katã vɛ na apostoloawo.


Xɔse si mía Mawu Fofo la xɔna abe esi le dzadzɛe, eye kpɔtsɔtsɔ mele eŋu o lae nye esi be: woakpɔ tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo dzi le woƒe xaxawo me, eye be amea maƒo ɖi eɖokui kple xexemenuwo o.


Ne mienɔ agbe alea la, ame siwo menye kristotɔwo o la abu mi. Kpe ɖe esia ŋuti la, miganɔ amewo ƒe asinu kpɔm be woana ga mi be miatsɔ akpɔ mia ɖokuiwo dzii o.


ke boŋ ɖe míedi be miama nu siwo le mia si la kple wo. Fifia la, nu geɖe le mia si, eya ta mikpe ɖe wo ŋu, ale be ne emegbe nu megava le mia si o, ke wòle woawo si la, woawo hã nakpe ɖe mia ŋu. To esia me la, ame sia ame akpɔ etɔ sinua.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite