Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 4:3 - Agbenya La

3 Eya ta wolé Petro kple Yohanes, gake esi fiẽ ɖo xoxo ta la, wokplɔ wo ame eve la de gaxɔ me be woadɔ afi ma ŋu nake.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eye woɖo asiwo wo dzi, eye wode wo gaxɔ me, vaseɖe ŋu ke; elabena fiẽ ɖo hafi.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 4:3
11 Referans Kwoze  

Ale wolé apostoloawo de gaxɔ me.


be wòana agbalẽ si ana ŋusẽ ye, ale be yeayi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe siwo le Damasko ne woakpe ɖe ye ŋu be yeate ŋu alé xɔsetɔ siwo katã le teƒe siawo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, ade ga wo, eye yeakplɔ wo va Yerusalem.


Ke Saulo ɖoe kplikpaa be yeagblẽ hame la. Etsoa aƒe me yia aƒe me, léa ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa ɖadea gaxɔ me.


Ale wode zi ameawo, amegãwo kple agbalẽfialawo me. Wolé Stefano hekplɔe yi ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe ŋkumee.


Ale Yudatɔwo ƒe kpovitɔwo kple asrafowo kpakple asrafomegãwo lé Yesu, eye woblae.


Ale wolée, eye wokplɔe yi nunɔlagã ƒe aƒe me, eye Petro nɔ eyome ʋĩi gbɔna.


Yesu trɔ ɖe nunɔlagãwo, hamemegãwo kple gbedoxɔmesrafowo ƒe amegã siwo nɔ ameha la ŋgɔ va la ŋu, eye wòbia wo be, “Adzodalae menye, eya ta mietsɔ kpowo kple yiwo va be yewoalém ɖo mahã?


Esi Yesu se be wolé Yohanes de gaxɔ me la, edzo le Yudea yi wo de le Nazaret si le Galilea,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite