Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 4:10 - Agbenya La

10 ekema minyae kɔtɛe, mi kple Israeltɔwo katã, be le Yesu Kristo Nazaretitɔ, ame si miawo mieklã ɖe ati ŋuti, ame si Mawu fɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la ƒe ŋkɔ mee ame si le tsitre ɖe mia ŋkume la kpɔ dɔyɔyɔ le.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 ekema mi katã kple Israel dukɔ blibo, la minyae bena, le Yesu Kristo, Nazaretetɔ, ƒe ŋkɔ dzie, amesi miawo mieklã ɖe ati ŋuti, amesi Mawu to ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, le eya me amesia le, tsitre ɖe miaƒe ŋku me, eye eƒe lãme sẽ.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 4:10
16 Referans Kwoze  

Petro gblɔ nɛ be, “Nɔvi, klosalo kple sika mele asinye o, ke nu si le asinye lae mana wò. Le Yesu Kristo, Nazaretitɔ la ƒe ŋkɔ me, tsi tsitre nàzɔ azɔli.”


“Eya ta mina ne Israel blibo la katã nanyae nyuie be Mawu wɔ Yesu sia, ame si miawo mieklã ɖe ati ŋu la, Aƒetɔ la kple Kristo la siaa.”


“Eya ta medi be mianya be Mawu ƒe ɖeɖedɔ sia ɖo ame siwo menye Yudatɔwo o gbɔ, eye woaɖo toe.” [


Ke ne maɖe mí o hã la, míedi be nànya, O fia, be míasubɔ wò mawuwo loo alo ade ta agu na sikalegba si nèli la o.”


To Via, Yesu Kristo, ƒe tsitretsitsi me la, Mawu fia be eyae nye Mawu ƒe Vi ŋusẽtɔ la, eye Mawu ŋutɔ ƒe nɔnɔme kɔkɔe la le eme.


eye wòyi ɖanɔ Nazaret. Esia wu nya si wogblɔ ɖi to nyagblɔɖilawo dzi la nu be, “Woayɔe be Nazaretitɔ.”


Mawu fɔ Yesu sia ɖe tsitre tso ku me, eye mí katã míenye ɖasefowo na tsitretsitsi sia.


Wogblɔ nɛ be, “Yesu Nazaretitɔ lae va yina.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite