Esi ŋu ke la, womekpɔ anyigba dze si o, elabena afu do, gake wokpɔ ƒuta ƒe afi aɖe ɖaa. Esia na be wonɔ ta me bum be ne yewoate ŋui la ne yewoatrɔ ʋu la ayi afi ma.
Le esia megbe la, wogblɔ mawunya le du geɖewo me tso teƒe yi teƒe le Kipro ƒukpo blibo la dzi va se ɖe esi wova ɖo du si woyɔna be Pafo la me. Le afi sia wokpɔ Yudatɔ aɖe si woyɔna be Bar Yesu. Ame sia nye afakala kple aʋatsonyagbɔɖila.
Mlɔeba la, woɖoe be míadze mɔ ayi Italia kple tɔdziʋu. Wotsɔ Paulo kple gamenɔla bubu aɖewo de asi na Yulio si nye Kaisaro ƒe asrafowo ƒe amegã ɖeka be wòakplɔ wo ayii dedie.