Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 27:10 - Agbenya La

10 “Amegãwo, edze nam abe ne míeyi míaƒe mɔzɔzɔ sia dzi fifia la, nya aɖe ava dzɔ ɖe mía dzi ene. Ɖewohĩ ʋua anyrɔ, eye míaƒe agbawo abu, amewo axɔ abi, eye ame aɖewo aku gɔ̃ hã.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Paulo de dzi ƒo na wo gblɔ, bena: Mia tɔwo, mekpɔ bena, ƒudzidzɔzɔ la le dzi yi ge kple fuɖeɖe kpakple nugbegblẽ geɖe, si menye ʋuamenuwo kple ʋua ɖeɖeko dzi wòava o, ke boŋ mia ŋutɔwo ƒe agbe hã dzie.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 27:10
12 Referans Kwoze  

Eya ta Yehowa Ŋusẽkatãtɔ, mewɔa naneke ne meɖe eƒe ɖoɖo fia eƒe dɔla nyagblɔɖilawo hafi o.


Le nye gome la, woɖe nya ɣaɣla sia fiam, menye esi nunya le asinye wu ame bubu siwo le agbe la ta o, ke boŋ be wò, O fia, nànya gɔmeɖeɖe la eye be nàse nu si to wò susu me la gɔme.


Yehowa gblɔa nya ɣaɣlawo na ame siwo vɔ̃nɛ, eye wòɖea eƒe nubabla fiaa wo.


eya ta meɖe kuku na mi, miɖe dzi ɖi ne miaɖu nu, elabena naneke mele dzɔdzɔ ge ɖe mía dometɔ aɖeke dzi o.”


Eye, “Nenye be bebli hafi ame dzɔdzɔe nakpɔ ɖeɖe la, ekema aleke wòanɔ na mawumavɔ̃lawo kple nu vɔ̃ wɔlawo?”


Ke Paulo gblɔ na asrafoawo kple woƒe amegã be, “Mía tɔwo, ne mia dometɔ aɖe dzo le tɔdziʋua me la, matsi agbe o.”


Míeto Kipro ƒukpo la ŋu le miame lɔƒo, eye míeva ɖi go ɖe Tiro ʋudzeƒe la le Siria. Ʋu la ɖe agba le afi sia.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite