Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 26:9 - Agbenya La

9 “Tsã la, mexɔe se be enye nye dɔdeasi be mawɔ funyafunya ƒomevi geɖewo ame siwo nye Yesu Nazaretitɔ la yomenɔlawo.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Nye la mebu le ɖokuinye me bena, ele nam be, mawɔ nu geɖe, siwo atsi tre ɖe Yesu, Nazaretetɔ la, ƒe ŋkɔ la ŋuti.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 26:9
16 Referans Kwoze  

togbɔ be meɖu fewu le Kristo ƒe ŋkɔ ŋuti kpɔ gɔ̃ hã. Meti eƒe amewo ƒe agbe yome, eye mewɔ nu vevi wo le mɔ ɖe sia ɖe si dzi mate ŋui la nu. Ke Mawu kpɔ nublanui nam, elabena nyemenya nu si wɔm menɔ la o, eye dzixɔse menɔ asinye o.


“Mebia be, ‘Aƒetɔ, wò ame kae le nu ƒom nam?’ “Gbea ɖo eŋu be, ‘Nyee nye Yesu, Nazaretitɔ, ame si yome tim nèle.’


Ke le hamea yometiti me la, ame aɖeke mewum o, eye le dzɔdzɔenyenye si tso sea me nu la, mokakamanɔŋutɔ menye.


Elabena mate ŋu aɖi ɖase tso wo ŋu be wotsɔa dzo ɖe Mawu ŋuti, gake womewɔa esia kple sidzedze o.


“Ame si wokplɔ va gbɔwòe la, ame vɔ̃ɖi aɖe ŋutɔ wònye. Eƒe dɔ koe nye be wòanɔ ʋunyaʋunya dem Yudatɔwo dome le xexea me katã godoo be woatsi tsitre ɖe Roma dziɖuɖu la ŋu, anɔ woƒe sewo kple kɔnuwo dzi dam. Eya kee nye habɔbɔ si woyɔna be, Nazaretitɔwo la ƒe amegã.


Ke Paulo ɖo eŋu na mí be, “Midzudzɔ avifafa, elabena miele dzi gbãm nam. Mele klalo be manɔ gaxɔ me le Yerusalem, eye gawu la, maku le nye Aƒetɔ Yesu ta.”


ke nye ŋutɔ magblɔ fu siwo wòakpe ɖe tanye la afiae.”


Petro gblɔ nɛ be, “Nɔvi, klosalo kple sika mele asinye o, ke nu si le asinye lae mana wò. Le Yesu Kristo, Nazaretitɔ la ƒe ŋkɔ me, tsi tsitre nàzɔ azɔli.”


Xexe sia me tɔwo ati mia yome, elabena mienye tɔnyewo. Woawɔ esia ɖe mia ŋu, elabena womenya ame si dɔm la o.


“Azɔ nɔviwo, menya be nu si miewɔ ɖe Yesu ŋu la, mienya hafi wɔe o. Nenema kee nye mia nunɔlawo hã.


Saulo gado adã ɖe xɔsetɔwo ŋu vevie wu tsã, eye wòlé gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo ganɔ wo yome tim kple ŋkubiã. Eƒe susu kple didi katã koe nye be yeatsrɔ̃ Aƒetɔ la ƒe nusrɔ̃lawo. Le esia ta la, eyi nunɔlagã la gbɔ


“Yuda vidzidzi ŋutɔŋutɔe menye tso Tarso le Kilikia nuto me. Ke Yerusalem afi siae mede suku le, eye nye nufialae nye Gamaliel, ame si hem be mawɔ ɖe Yudatɔwo ƒe sewo kple kɔnuwo dzi pɛpɛpɛ abe ale si dze ene. Enye nye didi vevie ɣe ma ɣi be made bubu Mawu ŋu le nu sia nu si mawɔ la me abe ale si miawo hã miele ewɔm fifia ene.


Meti Kristotɔwo yome. Mewɔ funyafunya wo, wu wo, lé ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa de gaxɔ me.


Dua me ŋutsuwo bia tso Yoas si be, “Kplɔ viwò ŋutsu la do goe; edze na ku elabena egbã Baal ƒe vɔsamlekpui eye wòho aƒeli si le exa la ƒu anyi.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite