Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 26:1 - Agbenya La

1 Fia Agripa gblɔ na Paulo be, “Meɖe mɔ na wò be nàɖe ɖokuiwò nu mase.” Ale Paulo do asi ɖa, eye wòɖe eɖokui nu gblɔ be,

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye Agripa gblɔ na Paulo bena: Woɖe mɔ na wò be, naƒo nu le ɖokuiwò ŋuti. Tete Paulo do asi ɖa, eye wòɖe eɖokui nu bena:

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 26:1
12 Referans Kwoze  

Ke Aƒetɔ la ɖo eŋu na Anania be, “Yi nàwɔ ɖe nye gbe dzi, elabena nye ŋutɔe tia ame sia be wòanye dɔwɔla nam, eye wòagblɔ nye nya na ame siwo menye Yudatɔwo o, fiawo kple Israelviwo ŋutɔ hã,


“Fia Agripa, enye dzidzɔ kple bubu gã aɖe nam be mekpɔ mɔnu sia be maƒo nu na wò le nu siwo katã Yudatɔwo tsɔ le nunye tsom la ŋuti,


“Ɖe míaƒe se la bua fɔ ame aɖe nenye be womedrɔ̃ ʋɔnui, hese eƒe nyawo me gbã oa?”


Ke esi miegbe tɔtɔ nam esi meyɔ mi, esi meke nye abɔwo me, mietsɔ ɖeke le eme o


Ke le Israel ŋuti la, egblɔ bena, “Ŋkeke blibo la katã mekeke nye abɔwo na dukɔ si meɖoa to o la, ke wole ɖeklemiɖeɖe dzi, eye wogbea vava.”


Ke abe ale si wò ŋutɔ nènyae ene la, megblɔ na wo be míaƒe Roma se la meɖe mɔ be woabu fɔ ame ʋɔnumadrɔmadrɔ̃e o, ke boŋ ele be woana mɔe be wòaɖe eɖokui nu le ame siwo tsɔ nya ɖe eŋu la ŋkume.


“Fofonyewo kple nɔvinyewo, to kukuɖeɖe me, miɖo tom ne maɖe ɖokuinye nu miase.”


Ame gbãtɔ si to eƒe nya la dzena dzɔdzɔetɔe va se ɖe esime ame aɖe va bia gbee.


Enye bometsitsi kple ŋukpe na ame, be wòaɖo nya ŋu hafi ase nu si gblɔm wole.


Ale mekɔ nye alɔ dzi ɖe ŋuwò, eye meɖe wò anyigba ƒe lolome dzi kpɔtɔ. Metsɔ wò de asi na wò futɔwo ƒe ŋukeklẽ, Filistitɔwo ƒe nyɔnuviwo, ame siwo wò ŋukpenanuwɔnawo wɔ nuku na.


Maƒo nu tso wò sewo ŋu le fiawo ŋkume, eye ŋu makpem o.


Elabena susu mele eme be woaɖo gamenɔla aɖe ɖe Kaisaro be wòadrɔ̃ ʋɔnue le esime wometɔ asi nutsotso aɖeke dzi tso eŋu o.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite