Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 24:1 - Agbenya La

1 Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, nunɔlagã Anania kple eŋumewo yi Kaesarea be yewoatsɔ nya ɖe Paulo ŋu. Ame siwo nɔ Anania ŋu la woe nye, Yudatɔwo ƒe kplɔla aɖewo kple senyala Tertulo.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye ŋkeke atɔ̃ megbe la nunɔlagã Anania kple amegãa ɖewo kpakple nyanuɖela Tertulo, va afima, eye woawo ƒo nu na mɔ̃mefia la ɖe Paulo ŋuti.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 24:1
15 Referans Kwoze  

Anɔ abe ŋkeke wuieve koe nye esi ene, meva ɖo Yerusalem be mawɔ subɔsubɔdɔ le gbedoxɔ me.


Esi wòɖe nu le nya sia me teti ko la, nunɔlagã Anania ɖe gbe be ame siwo le Paulo gbɔ lɔƒo la naƒo nugbɔ nɛ. Ale woƒoe nɛ.


Nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe dumegãwo wɔ mɔnukpɔkpɔ sia ŋuti dɔ heka Paulo ƒe nya la ta nɛ.


Azɔ mɔmefia la gblɔ nɛ be, “Maɖo to wò nyawo katã nenye be nuwòtsolawo va ɖo.” Ale wòɖe gbe be woaɖatui ɖe gaxɔ me le Fia Herod ƒe fiasã me.


Ke le esime mese be Yudatɔwo ganɔ ɖoɖo wɔm le bebeme be yewoawui ta la, meɖoe be makplɔe ɖo ɖe wò, eye magblɔ na eƒe futɔwo hã be woava gbɔwò ne nàdrɔ̃ nya la na wo.


Midi sɔ na Paulo wòado ale be miakplɔe aɖade asi na mɔmefia Felix dedie.”


Ke esi wòsusɔ vie ŋkeke adrea nade la, Yudatɔ aɖewo tso Asia nuto me va Yerusalem, eye wokpɔ Paulo le gbedoxɔ la me. Enumake wode ʋunyanya amewo dome ɖe eŋu, eye wolé Paulo henɔ ɣli dom ɖe eŋu be,


Elabena kpɔ ɖa, ame vɔ̃ɖiwo he woƒe da me; wotsɔ woƒe aŋutrɔwo ɖo datikawo ŋuti be woada ame siwo dza le woƒe dzi me la le blukɔ me.


Nyemeɖe ami ɖe nye mawunyagbɔgblɔ kura o, ke boŋ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋutɔ nɔ menye hedo ŋusẽ nye nyawo, ale be ame siwo se nyawo la dze sii be Mawu gbɔe wotso, ke menye xexemenunyala aɖeke ƒe nyawo wonye o.


Nɔviwo, esi meva mia gbɔ zi gbãtɔ heɖe gbeƒã Mawu ƒe nya na mi la, nyemewɔe kple aɖe ŋanɛ alo nunya kɔkɔ o,


Eye esi meɖi tsa de Yerusalem la, nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe tatɔwo va gbɔnye hewɔ nutsotso geɖe ɖe ame sia ŋu, eye wobia tso asinye be matso kufia nɛ.


Woɖo ŋkeke na ame dɔdɔawo be woava kpɔ Herodes. Esi ŋkeke la ɖo la, wova ƒo ƒu, eye Herodes do eƒe fiawu nɔ eƒe fiazikpui dzi, heƒo nu na amehawo.


ame blaatɔ̃wo: ƒe amegãwo, amegã bubuwo, aɖaŋudelawo, aɖaŋudɔwɔlawo kple gbesalawo dzi.


Esi wova ɖo Kaesarea la, wotsɔ Paulo de asi na mɔmefia la, eye wotsɔ agbalẽ si Lisia ŋlɔ de wo si la hã nɛ.


Esi mɔmefia la bia gbe wo la, Tertulo ƒo nu ɖe wo nu gblɔ be, “Amegã bubutɔ Felix, le wò kpɔkplɔ nyui la te la, mí Yudatɔwo míekpɔ tomefafa kple bubu, eye amewo megakpɔa mí abe nu tsɛ aɖewo ko ene o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite