Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 23:2 - Agbenya La

2 Esi wòɖe nu le nya sia me teti ko la, nunɔlagã Anania ɖe gbe be ame siwo le Paulo gbɔ lɔƒo la naƒo nugbɔ nɛ. Ale woƒoe nɛ.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Ke nunɔlagã Anania de se na amesiwo le tsitre ɖe egbɔ la bena, woaƒo nugbɔ nɛ.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 23:2
9 Referans Kwoze  

Esi Yesu gblɔ nya sia la, asrafo siwo le Yesu ŋu dzɔm la dometɔ ɖeka ƒo tome nɛ hegblɔ be, “Nenema wòle be nàɖo nya ŋu na nunɔlagã lae?”


Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, nunɔlagã Anania kple eŋumewo yi Kaesarea be yewoatsɔ nya ɖe Paulo ŋu. Ame siwo nɔ Anania ŋu la woe nye, Yudatɔwo ƒe kplɔla aɖewo kple senyala Tertulo.


O aʋawɔlawo ƒe du. Ƒo wò aʋawɔlawo nu ƒu elabena futɔwo ɖe to ɖe mí. Woatsɔ ati aƒo tome na Israel ƒe dziɖula.


Tete Zedekiya, Kenana ƒe vi, gogo Mikaya eye wòƒo tome nɛ hebiae be, “Ɣe ka ɣie Yehowa ƒe Gbɔgbɔ dzo le gbɔnye eye wòƒo nu na wò?”


Azɔ amewo ƒu du ɖe edzi, ɖe ta ɖe eŋu, eye ɖewo tu kɔe, ƒo tome nɛ


ena woƒo Nyagblɔɖila Yeremia eye wodee kunyowu me, tsi ɖe Benyamingbo dzigbetɔ si le Yehowa ƒe gbedoxɔ nu la ŋu.


Tete Zedekiya, Kenana ƒe vi, gogo Mikaya eye wòƒo tome nɛ hebiae be, “Ɣe ka ɣie Yehowa ƒe Gbɔgbɔ dzo le gbɔnye eye wòƒo nu na wò?”


Amewo ke woƒe nuwo baa hedo ɣli ɖe tanye. Woƒo tome nam fewuɖutɔe eye wowɔ ɖeka ɖe ŋunye.


Yesu gblɔ nɛ be, “Ne megblɔ nya vɔ̃ aɖe la, ekema tɔ asi nya vɔ̃ si megblɔ la dzi. Gake ne nyateƒe gblɔm mele la, nu ka ta nèƒom ɖo?”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite