Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 23:12 - Agbenya La

12 Esi ŋu ke la, Yudatɔ aɖewo ƒo ƒu, eye woka atam na wo ɖokuiwo be ne yewomewu Paulo o kpaa, yewomaɖu nu alo ano tsi o.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eye esi ŋu va ke la, Yudatɔa ɖewo ƒo wo ɖokui nu ƒu, eye woƒo ti ɖe wo ɖokui bena, yewomele nu ɖu ge alo nu no ge, vaseɖe esime yewoawu Paulo o.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 23:12
33 Referans Kwoze  

Ke le esime mese be Yudatɔwo ganɔ ɖoɖo wɔm le bebeme be yewoawui ta la, meɖoe be makplɔe ɖo ɖe wò, eye magblɔ na eƒe futɔwo hã be woava gbɔwò ne nàdrɔ̃ nya la na wo.


Gake mègawɔe o, elabena Yudatɔ blaene aɣla wo ɖokuiwo ɖe mɔa dzi be ne Paulo va yina la, yewoalée awu. Woka atam na wo ɖokuiwo be, ne Paulo meku o la, yewomaɖu nu alo ano tsi hã o, eya ta wode xa ɖe mɔa dzi fifi laa hã xoxo.”


Woyi nunɔlagãwo kple dumegãwo gbɔ hegblɔ na wo be, “Míeka atam ƒo ɖe mía ɖokui dzi be míele naneke ɖu ge va se ɖe esime míawu Paulo o.


Mese ame geɖewo ƒe ameŋugblẽnyawo; ŋɔdzi ɖe to ɖem, wode adaŋu tso ŋunye, eye woɖo nugbe be yewoaɖe nye agbe ɖa.


Wodze agbagba bia amenuveve tso Festus gbɔ be wòaɖo Paulo ɖe Yerusalem enumake kple susu be, yewoabe ɖe mɔa dzi awui.


Menɔ abe alẽvi si wokplɔ yina wuwu ge la ene; nyemekpɔe dze sii be woɖo nugbe ɖe ŋutinye le gbɔgblɔm be, “Mina míagblẽ ati la kple eƒe kutsetse, mina míaɖee ɖa le agbagbeawo ƒe anyigba dzi, ale be womagaɖo ŋku eƒe ŋkɔ dzi gbeɖegbeɖe o.”


be yewoade ŋugble tso ale si woawɔ alé Yesu le bebeme, awui la ŋuti.


Fia la ka atam be, “Mawu nefiam, wòagafiam ɖe edzi vevie ne Elisa, Safat ƒe viŋutsu la, ƒe ta aganɔ eƒe kɔ nu egbe.”


Kristo ɖe mí tso se la ƒe fiƒode me, esi wòzu fiƒode ɖe mía teƒe elabena mawunya gblɔ be, “Woƒo fi de ame sia ame si woklã ɖe ati ŋuti la.”


Ame sia ame si melɔ̃a Aƒetɔ la o la, woaƒo fi adee. Aƒetɔ Yesu va!


eya ta Yezebel ɖo dɔlawo ɖe Eliya be woagblɔ nɛ be, “Mawuawo nefiam ne woagafiam ɖe edzi nenye be etsɔ woaleawoɣi la, nyemewɔ wò agbe abe wo dometɔ ɖeka tɔ ene o.”


Ale Israelviwo ɖo xaxa gã aɖe me gbe ma gbe elabena Saul bla ameawo kple atam be, “Fiƒode ava ame si aɖu nu hafi fiẽ naɖo la dzi eye ame aɖeke mekpɔ mɔ aɖu nu o, va se ɖe esime mabia hlɔ̃ nye futɔwo!” Ale ame aɖeke meɖu nu la aʋakɔ me gbe ma gbe o.


Ameha la do ɣli sesĩe be, “Eƒe ʋukɔkɔɖi ƒe tohehe neva mí kple mía viwo dzi faa!”


Azɔ Petro do ɣli, ka atam gblɔ be, “Ne menya ame sia tututu la, ekema nane nedzɔ ɖe dzinye.” Kasia Petro naɖe nu le nya la me la, koklo ku atɔ “kɔkɔliakɔe.”


Ame siawo katã wɔ ɖeka kple Israelvi bubumewo, eye woɖe adzɔgbe be Mawu ƒe fiƒode nava wo dzi ne womewɔ Yehowa ƒe Se siwo wòde na wo to Mose, Mawu ƒe dɔla la dzi o, eye woɖe adzɔgbe be woalé Yehowa, woƒe Aƒetɔ la ƒe Sewo kple ɖoɖowo katã me ɖe asi.


Ekema woatɔ dzo ame si da le sea dzi la ƒe nuwo kple nu sia nu si nye etɔ la, elabena eda le Yehowa ƒe nubabla la dzi, eye wòhe dzɔgbevɔ̃e va Israel dukɔ la dzi.’ ”


Ɣe ma ɣi la, Yosua ka atam vevi sia be, “Ame si agbugbɔ Yeriko du sia atso la, fiƒode sia ava edzi le Yehowa ŋkume. Atsɔ Via ŋutsu ŋgɔgbetɔ aɖo eƒe gɔmeɖokpewoe, eye wòatsɔ via ɖevitɔ ƒe agbe atsɔ ade agbowo du la nu.”


“ ‘Ne wodo busu ame aɖe la, womaxɔe kple ga o, ke boŋ woawui.


Ke Israelviwo wɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu. Woda le eƒe se si wòde na wo be woatsrɔ̃ nu sia nu negbe nu siwo woatsɔ ada ɖe Yehowa ƒe nudzraɖoƒe la ko dzi. Akan, Karmi ƒe viŋutsu, si nye Zabdi ƒe tɔgbuiyɔvi, ame si ƒe tɔgbuigãe nye Zera tso Yuda ƒe ƒomea me la tsɔ nu siwo woha la ƒe ɖewo na eɖokui. Nu sia na Yehowa do dɔmedzoe ɖe Israel dukɔ blibo la ŋu.


Ke esi wògbɔna la, wodze sii tso adzɔge ke, eye woɖo be yewoawui!


Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Miawo ŋutɔ kple mia srɔ̃nyɔnuwo, to miaƒe nuwɔnawo me, ɖe ŋugbe si miedo la fia, esi miegblɔ be, míawɔ adzɔgbe si míeɖe be míado dzudzɔ ʋeʋĩ, aƒo aha ɖi na Dziƒofianyɔnu la dzi godoo.’ “Eya ta, miyi edzi, miwɔ ɖe miaƒe ŋugbedodowo dzi! Milé miaƒe adzɔgbeɖeɖewo me ɖe asi!


Le ŋkeke aɖewo megbe la, Yudatɔwo ƒe kplɔlawo wɔ ɖoɖo be yewoawu Saulo.


Ke ame aɖe va fi tofi na Saulo be dzɔlawo le Damasko ƒe agbowo nu dzɔm zã kple keli be ne eva yina la, yewoawui.


Ŋutsu siwo ɖo vɔ̃ sia la sɔ gbɔ wu ame blaene.


Mezɔ mɔ didi teɖeɖiameŋu geɖewo, eye nye agbe ɖo xaxa me le tɔɖɔɖɔ, fiafitɔwo, Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo ta. Le nyateƒe me la, meto dzɔgbevɔ̃ewo me le afi sia afi si mede la, le du gãwo me, gbedzi kple ƒu dzi siaa. Nenema ke ame siwo be yewonye nɔviwo le Kristo me, evɔ mele eme nenema o hã do ŋɔdzi na nye agbe.


eye wole agbagba dzem be woaxe mɔ na mí ne míagagblɔ nya la na ame siwo menye Yudatɔwo o, ɖe vɔvɔ̃ be wo dometɔ aɖewo akpɔ ɖeɖe ta. Ale ame siawo ƒe nu vɔ̃wo gale tsitsim ɖe edzi. Mlɔeba la, Mawu ƒe dziku va wo dzi azɔ.


Mordekai se woƒe ɖoɖo la, eye wòfi tofi na Fianyɔnu Ester tso eŋu. Ester hã ka nya la ta na fia la, eye wòna fia la nya be Mordekai ye fi tofi la na ye.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite