Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 21:9 - Agbenya La

9 Vinyɔnuvi ene siwo dometɔ aɖeke meɖe srɔ̃ haɖe o la nɔ esi. Mawu na nyagblɔɖi ƒe ŋusẽ wo dometɔ ɖe sia ɖe.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Ke ɖetugbivi ene, siwo gblɔa nya ɖi la, le amesia si.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 21:9
13 Referans Kwoze  

“ ‘Le ŋkeke mamlɛawo me la, Mawu gblɔ be makɔ nye Gbɔgbɔ ɖe amegbetɔƒomeawo katã dzi. Esia ana be mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo agblɔ nya ɖi. Hekpe ɖe esia ŋu la, mia viŋutsuwo akpɔ ŋutegawo, eye ame tsitsiwo hã aku drɔ̃ewo.


Ke hã la, mekpɔ nu sia le ŋutiwò; èɖe mɔ na nyɔnu ma, ame si woyɔna be Yezebel, ame si yɔa eɖokui be nyagblɔɖila. Ekplɔ nye dɔlawo trae to eƒe nufiafia me be woage ɖe ahasiwɔwɔ me, eye be woaɖu nu siwo wotsɔ sa vɔe na legbawo la.


Nyɔnu nyagblɔɖila aɖe si woyɔna be Ana hã nɔ gbedoxɔ la me gbe ma gbe. Enye Fanuel si tso Yuda ƒe ƒome si woyɔna be Aser me la ƒe vi. Exɔ ƒe geɖe ŋutɔ, eye wònɔ anyi kple srɔ̃a ƒe adre tso eƒe ɖetugbime,


“Le nu siawo megbe la, matrɔ nye Gbɔgbɔ akɔ ɖe amewo katã dzi! Mia viŋutsuwo kple nyɔnuwo agblɔ nya ɖi, miaƒe ame tsitsiwo aku drɔ̃ewo eye miaƒe ɖekakpuiwo akpɔ ŋutegawo.


Nyagblɔɖila Miriam, Aron nɔvinyɔnu ƒo axatsɛ, eye wònɔ ŋgɔ na nyɔnuawo woɖu ɣe.


Nyagblɔɖila kple nufiala aɖewo nɔ Antioxia Hame la me ɣe ma ɣi, eye wo dometɔ aɖewoe nye Barnabas kple Simeon si wogayɔna be Niga, Lukio tso Kirene, Manain (si nye Fia Herodes nɔvi) kple Saulo.


Medo gbe ɖa be, “O! Nye Mawu, mègaŋlɔ Tobia, Sanbalat, Noaɖia, nyagblɔɖila la kple nyagblɔɖila bubu siwo katã dze agbagba be yewoado ŋɔdzi nam la ƒe nu vɔ̃wo be o.”


Ale nunɔla Hilkia, Ahikam, Akbor, Safan kple Asaya yi ɖaƒo nu kple nyɔnu Nyagblɔɖila Hulda si le Yerusalem ƒe akpa yeye. Nyɔnu Nyagblɔɖila sia nye Tikva ƒe viŋutsu Salum srɔ̃. Harhas si dzi Tikva nye nudodowo dzraɖoƒe dzikpɔla.


Ame si nɔ ʋɔnu drɔ̃m na Israel ɣe ma ɣie nye nyɔnu Nyagblɔɖila Debora, Lapidot srɔ̃.


Eya ta nɔviwo, minyae be ne ame aɖe ɖe srɔ̃ la, mewɔ nu gbegblẽ o, eye ne ame bubu hã meɖe srɔ̃ o la, etɔ kura ganyo wu.


“Azɔ, ame vi, trɔ wò mo ɖe wò amewo ƒe vinyɔnuvi siwo gblɔ nya ɖi le woawo ŋutɔ ƒe susu nu la ŋu. Gblɔ nya ɖi tsi tsitre ɖe wo ŋu,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite