Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 21:21 - Agbenya La

21 Yudatɔ Kristotɔ siwo le Yerusalem afi sia la se be wò la, èfia nu Yudatɔ siwo katã le ame siwo menye Yudatɔwo o la dome be woagbe nu le Mose ƒe sewo gbɔ, eye mele be woatso aʋa na wo viwo o.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 eye wose le ŋutiwò bena, èfia nu Yudatɔ, siwo katã le trɔ̃subɔlawo dome, bena wòatrɔ le Mose yome hele gbɔgblɔm bena, womegatso aʋa na wo viwo alo woazɔ le kɔawo nu o.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 21:21
12 Referans Kwoze  

“Israelviwo, mixɔ na mí loo! Ame siae tsi tsitre ɖe Yudatɔwo ŋu, eye wònɔ gbɔgblɔm na amewo be womegawɔ ɖe Yudatɔwo ƒe sewo dzi o. Gawu la, edo vlo míaƒe gbedoxɔ la hã, eye wòkplɔ Helatɔwo yi míaƒe gbedoxɔ mee be yeaɖi gbɔ̃ teƒe kɔkɔe sia.”


Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, Paulo yɔ Yudatɔ siwo le Roma dua me la ƒo ƒu, eye wòƒo nu na wo gblɔ be, “Nɔvinyewo, edzɔ dzi nam be meva ɖo mia gbɔ afi sia. Medi be mianya be togbɔ be nyemewɔ naneke o, eye nyemeda le kɔnyinyi aɖeke dzi o hã la, Yudatɔ siwo le Yerusalem la lém, eye wotsɔm de asi na Roma dziɖuɖua ƒe ame dɔdɔ siwo le Yerusalem, be woadrɔ̃ ʋɔnum.


Le esia ta la, Paulo bia tso esi be wòadze yewo yome le yewoƒe mɔzɔzɔ la me. Hafi woadze mɔ la, Paulo tso aʋa na Timoteo be wòaganye nuɖianu na Yudatɔ siwo le nuto la me o, elabena ele nyanya me na ame sia ame be Helatɔe nye Timoteo fofo.


Ke fifia ɖe, aleke míele nya sia lé gee? Godoo la, woasee be èva ɖo dua me.


eye wole agbagba dzem be woaxe mɔ na mí ne míagagblɔ nya la na ame siwo menye Yudatɔwo o, ɖe vɔvɔ̃ be wo dometɔ aɖewo akpɔ ɖeɖe ta. Ale ame siawo ƒe nu vɔ̃wo gale tsitsim ɖe edzi. Mlɔeba la, Mawu ƒe dziku va wo dzi azɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite