Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 2:13 - Agbenya La

13 Gake ame aɖewo ya nɔ ameha la dome nɔ fewu ɖum le apostoloawo ŋu be, “Ame siawo la, aha yeye womu.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Ke bubuwo le alɔme ɖem ɖe wo ŋu gblɔ bena: Aha yeye le wo mum.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 2:13
10 Referans Kwoze  

Hekpe ɖe esia ŋu la, ne ame si mekpɔ ɖeɖe o alo ame si si nunana siawo mele o, ava miaƒe sɔleme, eye wòase mi katã mianɔ gbe bubuwo gblɔm la, abu mi tsukunɔwoe.


Ame siawo memu aha abe ale si miesusui ene o. Elabena ŋdi ga asiekɛ koe ƒo.


Ale Eli biae be, “Va se ɖe ɣe ka ɣi nàmu aha? Na wain la nakɔ le mo na wò.”


Efraimtɔwo ava nɔ abe ŋutsu kalẽtɔwo ene, eye woƒe dziwo akpɔ dzidzɔ abe wain wono ene. Wo viwo akpɔe, woatso aseye, eye woakpɔ dzidzɔ ɖe Yehowa ŋu.


eye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu la atsɔ akpoxɔnu atsyɔ wo dzi. Woagblẽ nu, eye woatsɔ kpe ade aŋetu me atsɔ aɖu wo dzii. Woano woawo ŋutɔ ƒe ʋu abe wain ene, wòayɔ woƒe ƒodo fũu abe agba ene, eye wòaƒo wo bekee abe ale si wokɔa wain ɖe vɔsamlekpui ƒe dzogoewo dzi ene.


Le to sia dzi, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, atsɔ nuɖuɖu damiwo aɖo kplɔ̃e na dukɔwo katã. Wain tsitsitɔ anɔ afi ma. Lã damitɔ akpe ɖe eŋu, eye wain nyuitɔ abɔ ɖe eŋu.


eye wò nu me nenye wain nyuitɔ. Wain la neto nye lɔlɔ̃tɔ ƒe nu me kple eƒe aɖutame wɔlii.


Elabena le menye la, mele abe wain si le goe me wotu nu ɖe enu ene eye abe wainlãgbalẽgolo si le klalo na gbagbã ene.


Migano aha mu o, elabena ekplɔa ame dea hadzenuwɔwɔ me. Mina Gbɔgbɔ Kɔkɔe la boŋ nayɔ mia me.


Aleke woahanyo eye woahadze anii! Bli ana ɖekakpuiawo natsi nyuie, eye wain yeye ana ɖetugbiawo hã natsi nyuie.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite