Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 19:2 - Agbenya La

2 Paulo bia wo be, “Esi miexɔ se la, miexɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la mahã?” Ke woɖo eŋu be, “Ao, míexɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la o, eye le nyateƒe me la, míese eŋkɔ kpɔ gɔ̃ hã o.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 eye wogblɔ na wo bena: Esi miexɔ se la, miexɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe la mahã? Eye woɖo ŋu nɛ bena: Míese hã kpɔ bena, Gbɔgbɔ kɔkɔea ɖe li o.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 19:2
12 Referans Kwoze  

Eya ta megale biabiam be ɖe Mawu tsɔ eƒe Gbɔgbɔ la na mi, eye wòwɔ nukunuwo le mia dome to se la ƒe dɔwɔwɔwo me, alo to nya si miese la dzixɔse mea?


Nu ka ta va se ɖe fifia hã la, mienya kpɔ be miaƒe ŋutilã nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe si Mawu na mi la ƒe nɔƒe eye wòle mia me ɣe sia ɣi o mahã? Miawo ŋutɔ ƒe ŋutilãwo menye mia tɔ o,


Yesu nɔ nu ƒom tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋuti, elabena woana Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ame sia ame si xɔ edzi se. Ke womena Gbɔgbɔ Kɔkɔe la haɖe o, elabena womekɔ Yesu ŋuti haɖe o.


Esi wose nya sia la, wo katã wolɔ̃, eye Paulo de mawutsi ta na wo ɖe Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ me.


Esime Petro nɔ nya siawo gblɔm la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dze ame siwo katã nɔ to ɖom la dzi.


“ ‘Le ŋkeke mamlɛawo me la, Mawu gblɔ be makɔ nye Gbɔgbɔ ɖe amegbetɔƒomeawo katã dzi. Esia ana be mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo agblɔ nya ɖi. Hekpe ɖe esia ŋu la, mia viŋutsuwo akpɔ ŋutegawo, eye ame tsitsiwo hã aku drɔ̃ewo.


Samuel medze si Yehowa haɖe o eye Yehowa meƒo nu nɛ kpɔ haɖe hã o.


Mele didim vevie be mava kpɔ mi ɖa ale be matsɔ gbɔgbɔmenunana aɖewo ado ŋusẽ mi,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite