Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 17:3 - Agbenya La

3 Paolo ɖe eme, eye wòɖo kpe edzi na wo be ele na Kristo la be wòakpe fu, eye wòatsi tsitre tso ame kukuwo dome. Eyi edzi be, “Yesu si ƒe nya gblɔm mele na mi lae nye Kristo la.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 eye wòle eme ʋum fia wo kɔte bena, ele na Kristo be, woakpe fu, eye wòatsi tre tso ame kukuwo dome, eye bena amesiae nye Kristo Yesu, amesi ŋutinya gblɔm mele le mia fiam.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 17:3
16 Referans Kwoze  

Edzro nya me kple Yudatɔwo le dutoƒo, eye wòɖi ɖase be mawunya ɖee fia kɔtɛe be Yesue nye Kristo la vavã.


Saulo yi eƒe mawunyagbɔgblɔ dzi kple ŋusẽ, ale be Yudatɔ siwo nɔ Damasko la mete ŋu tsi tsitre ɖe eƒe nya siwo ɖee fia kɔtɛe be Yesue nye Kristo la ŋu o.


Ame eveawo de asi gbɔgblɔ me be, “Mèkpɔe be míaƒe dziwo lé dzo ŋutɔ le esime wònɔ mawunya la me ɖem na mí le mɔa dzi oa?”


Ke to wɔna siawo me la, Mawu na be nu siwo nyagblɔɖilawo gblɔ da ɖi be ele be Kristo la nakpe fu nenema la va eme.


Yesu yi edzi be, “Vavã, woŋlɔe ɖi tso gbe aɖe gbe ke be ele na Kristo la be wòakpe fu, eye wòaku, eye le ŋkeke etɔ̃a gbe la, wòagatsi tsitre tso ame kukuwo dome.


O, mi Galatiatɔ bometsilawo! Ame kae flu mi? Miawo ŋutɔwoe wogblɔ Yesu Kristo ƒe kaklã ɖe atitsoga ŋuti ƒe nya na.


Gbe ɖeka esi Yesu nɔ nu ɖum kple eƒe Apostolowo la, ede se na wo be, “Migadzo le Yerusalem o, ke boŋ milala va se ɖe esime miaxɔ Fofonye ƒe nunana si ŋugbe wòdo, nu si ŋu meƒo nu tsoe na mi xoxo,


(Elabena va se ɖe ɣe ma ɣi hã la, womese egɔme le mawunya me be Yesu atsi tsitre tso ame kukuwo dome o.)


Yesu gblɔ na wo be, “Esi menɔ anyi kpli mi le ŋkeke siwo va yi me ɖe, nyemegblɔe na mi be nu siwo woŋlɔ ɖe Mose ƒe se la kple Nyagblɔɖilawo kple Psalmowo me tso ŋunye la ava eme oa?”


Esi Silas kple Timoteo tso Makedonia va ɖo Korinto ko la, Paulo ɖe asi le nu sia nu ŋu hetsɔ eɖokui na mawunyakaka kple ɖaseɖiɖi na Yudatɔwo be Yesue nye Kristo la.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite