Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 16:5 - Agbenya La

5 Esia na be hameawo tsi ɖe edzi le xɔse me, eye woƒe xexlẽme hã dzi ɖe edzi.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Azɔ ŋusẽ ɖo hameawo ŋu le xɔse me, eye woƒe xexlẽme le agbɔ sɔm ɖe edzi gbesiagbe.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 16:5
23 Referans Kwoze  

Le ɣeyiɣi siawo katã me la, tomefafa blibo nɔ hame siwo le Yudea, Galilea kple Samaria nutowo me la me. Esia wɔ be hame la ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi, eye wògasẽ ŋu ɖe edzi wu le gbɔgbɔ me hã, eye wonɔ agbe le Aƒetɔ la vɔvɔ̃ me, eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la hã na dzidzeme blibo wo.


eye wonɔa Mawu kafum ɖaa, hekpɔa amenuveve le amewo katã gbɔ. Ke Aƒetɔ la tsɔa ame siwo kpɔ xɔxɔ la kpena ɖe wo ŋuti gbe sia gbe.


Le esia megbe la, apostoloawo kple xɔsetɔ bubuawo gblɔ mawunya le teƒeteƒewo, eye Yesu yomedzelawo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi fũu le Yerusalem, nenema ke Yudatɔwo ƒe nunɔla geɖewo gɔ̃ hã trɔ zu kristotɔwo.


Amenuveve katã ƒe Mawu la, ame si yɔ mi va eƒe ŋutikɔkɔe mavɔ la gbɔ le Kristo me, le fukpekpe sue aɖe ko megbe la, ŋutɔ aɖo mi te, ado ŋusẽ mi, ali ke mi, eye wòaɖo mia gɔme anyi.


Woto Siria kple Kilikia nutowo me henɔ ŋusẽ dom hame siwo le afi mawo.


Azɔ abe ale si miexɔ Yesu Kristo, Aƒetɔ la dzi se be aɖe mi ene la, mixɔ se nenema ke le miaƒe gbe sia gbe ƒe nuwɔnawo me.


Eya ta nɔvi lɔlɔ̃awo, esi kakaɖedzi li be míava ɖu dzi ta la, misẽ ŋu, eye minɔ te. Mina miaƒe dɔwɔwɔ le Aƒetɔ la me nagbã go ɖaa, elabena mienya be nu sia nu si miawɔ na Aƒetɔa la mazu dzodzro akpɔ abe ale si wòanɔ ne tsitretsitsi aɖeke meli ene o.


Azɔ mikafu Mawu si te ŋu ɖo mia gɔme anyi to nye nyanyui kple gbeƒãɖeɖe Yesu Kristo me la. Esiae nye ɖoɖo si woɣla ɖe mi tso xexea me ƒe gɔmedzedzea me ke.


Le ɣeyiɣi siawo me la, Mawu ƒe nya la nɔ ta kekem alɔtsɔtsɔe eye ame geɖewo trɔ zu xɔsetɔwo.


Migana nufiafia trama aɖeke nakplɔ miaƒe susuwo adzoe o. Enyo be woatsɔ amenuveve ado ŋusẽ miaƒe dziwo, ke menye to nuɖuɖu tɔxɛ aɖewo ƒe sewo dzi wɔwɔ me o, esiwo mehea viɖe aɖeke vanɛ na ame siwo ɖunɛ la o.


Míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ŋutɔ kple Mawu mía Fofo, ame si lɔ̃ mí, eye to eƒe amenuveve me la, wòna dzideƒo mavɔ kple mɔkpɔkpɔ nyui mí la


Esia ana be Mawu mía Fofo la nana be miaƒe dziwo nakpɔ ŋusẽ, anɔ dzadzɛ, ale be miate ŋu ado ɖe eŋkume fɔɖiɖimanɔŋui nenye be míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo trɔ gbɔ kple eƒe ame kɔkɔewo. Amen.


eye míeɖo Timoteo, mía nɔvi kple hadɔwɔla; Mawu ƒe dɔla si ɖea gbeƒã Kristo ƒe nyanyui la ɖe mi, be wòava do ŋusẽ miaƒe xɔse, eye wòade dzi ƒo na mi,


Ablɔɖemenɔnɔ ta Kristo wɔ mí ablɔɖeviwoe ɖo. Eya ta minɔ tsitre sesĩe, eye migana kluvinyenye ƒe kɔkuti nagaku kɔ na mi azɔ o.


Eye Aƒetɔ la ƒe ŋusẽ nɔ kpli wo, eye ameha gã aɖe xɔ se hezu Aƒetɔ la yomedzelawo.


Ame geɖewo ŋutɔ, ŋutsuwo kple nyɔnuwo xɔ Aƒetɔ la dzi se, eye woge ɖe hame la me.


Togbɔ be edzɔ alea hã la, ame geɖe siwo se Petro kple Yohanes ƒe nyagbɔgblɔ gbe ma gbe la xɔe se hetrɔ dzi me, eye wozu xɔsetɔwo. Ale xɔsetɔwo katã ƒe xexlẽme anɔ abe akpe atɔ̃ ene.


Efraim ƒe tae nye Samaria, eye Samaria ƒe tae nye Remalia ƒe viŋutsu. Ne mienɔ te sesĩe le xɔse me o la, ekema mianɔ te hã o.’ ”


Yuda ƒe aʋakɔ la ho ŋdi kanyaa yi Tekoa gbegbe. Esi wonɔ mɔa dzi yina la, Yehosafat tɔ ameawo eye wògblɔ na wo be, “Miɖo tom, Yuda kple Yerusalemtɔwo. Mixɔ Yehowa, miaƒe Mawu la dzi se ekema miaɖu dzi! Mixɔ eƒe nyagblɔɖilawo dzi se ekema nu sia nu adze edzi na mi!”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite