Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 15:2 - Agbenya La

2 Paulo kple Barnabas melɔ̃ ɖe nya sia dzi kura o, ale wohe nya kple ame siawo vevie. Mlɔeba la, Antioxia Hame la ɖe hametɔ aɖewo kpe ɖe Paulo kple Barnabas ŋu heɖo wo ɖe Yerusalem be woaɖadzro nya sia me kple Apostoloawo kple hamemegãwo, anya woƒe susu le eŋu ava gblɔ na yewo.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye esi menye nusese kple anukutsyɔtsyɔ via ɖe wònye dzɔ ɖe woawo kple Paulo kple Barnaba dome o la, woɖo bena, Paulo kple Barnaba kpakple wo dometɔa ɖewo nayi apostolowo kple hamemegã, siwo le Yerusalem la gbɔ le biabia sia ta.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 15:2
20 Referans Kwoze  

Míeɖo to wo kura o, kple susu be míalé nyanyui la ƒe nyateƒenyenye me ɖe asi na mi.


Ke nye Paulo mexɔe se be ame siwo nɔa wo ɖokuiwo yɔm be Mawu ƒe ame dɔdɔwo yewonye la menyo wum le mɔ aɖeke nu o.


Esi ame dɔdɔawo va ɖo Yerusalem la, hamea kple apostoloawo kpakple hamemegãwo xɔ wo, eye woka nu siwo katã Mawu wɔ kpli wo la ta na wo.


Wowɔ esia, eye wotsɔ woƒe nunanawo de Barnabas kple Saulo si be woatsɔ ayi na hanunɔlawo le Yerusalem.


Nɔvi lɔlɔ̃awo, togbɔ be metsi dzi vevie be maŋlɔ agbalẽ na mi tso ɖeɖe si ƒe gomekpɔlawo míenye la ŋuti hã la, edze ŋunye be maŋlɔe na mi, ado ŋusẽ mi be miaʋli xɔse si wotsɔ de asi na ame kɔkɔeawo zi ɖeka hena ɣeyiɣiawo katã la ta.


Nye, Paulo, Yesu Kristo ƒe apostolo, si woyɔ to Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me la kple nɔvi, xɔsetɔ Sostene gbɔe agbalẽ sia tso,


Ke ŋkeke evea gbe la, Paulo kplɔ mí ɖe asi, eye míeɖado gbe na Yakobo kple hamemegã siwo le Yerusalem hamea me.


Azɔ woyi woƒe mɔzɔzɔ dzi henɔ tsatsam le duwo me. Afi sia afi si woɖo la, wogblɔa nya siwo dzi apostolowo kple hamemegãwo ɖo kpee le Yerusalem la na wo be woalé wo me ɖe asi.


Azɔ míedɔ Yuda kple Silas ɖa, ame siawo aƒo nu, aɖo kpe nu si nye míaƒe susu le nya siwo le fu ɖem na miaƒe susuwo la dzi na mi.


Ke esi míawo hã míebu nya la ŋu, eye mí katã míeɖo kpe nu si nye nyateƒea dzi vɔ la, míeɖoe be anye susu nyui aɖe ŋutɔ be míaɖe ame dɔdɔ eve siwo akplɔ mía nɔvi lɔlɔ̃awo, Paulo kple Barnabas, ɖo ava mia gbɔ.


Gbɔgbɔ Kɔkɔe la de dzi ƒo nam be magaxa nu be womenye Yudatɔwo o, ke boŋ mayi kpli wo, eya ta nye kple nɔvinye ade siwo le afi sia la míedze mɔ heyi. Eteƒe medidi o la, míeva ɖo ame si dɔ ame ɖo ɖem la ƒe aƒe me le Kaesarea.


Petro se nya siawo katã, eye wòxɔ ameawo atuu. Ena dzeƒe wo be woatsi adɔ. Esi ŋu ke la, Petro kplɔ xɔsetɔ eve aɖewo tso Yopa kpe ɖe eɖokui ŋu, eye wodze mɔ kple Kornelio ƒe ame dɔdɔwo ɖo ta Kaesarea.


Yehowa gblɔ na Samuel be, “Wɔ nu si wobia tso asiwò la na wo elabena menye wòe wogbe o, ke boŋ nyee wogbe abe woƒe fia ene.


Ne èzɔ ɖe aɖaŋu sia dzi, eye Mawu lɔ̃ la, àte ŋu anɔ te ɖe dɔ sesẽ sia nu, eye tomefafa kple nusɔsɔ anɔ asaɖa la me.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite