Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 14:7 - Agbenya La

7 eye wogblɔ nyanyui la le teƒe mawo hã.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Eye wogblɔ nyanyuie la fia le afima hã.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 14:7
8 Referans Kwoze  

Wonɔ Derbe hegblɔ nyanyui la le afi ma ŋkeke ʋɛ aɖewo, eye ame geɖewo trɔ zu woƒe nusrɔ̃lawo. Emegbe la, wogatrɔ yi Listra, Ikonio kple Antioxia,


nàɖe gbeƒã Mawu ƒe nya la kple vevidodo nu ɣeawo katã ɣi, ɣe sia ɣi si nàkpɔ mɔnu ko, vovo li o, vovo meli o. Fia mɔ nyuitɔwo, eye nàka mo na wò amewo ne ehiã. Do ŋusẽ wo be woawɔ nu si dze, eye nàtsɔ Mawu ƒe nya anyi wo kple dzigbɔɖi ɣe sia ɣi.


Mienya ale si wowɔ funyafunya mí kple ale si míekpe fu le Filipi hafi va ɖo mia gbɔ la hã. Ke Mawu na dzideƒo tɔxɛ mí, be míagblɔ nyanyui ma ke na mi, togbɔ be futɔwo ƒo xlã mí gɔ̃ hã.


Enumake míeɖoe be míayi Makedonia, elabena edze na mí kɔtɛe be Mawu le mía ɖom ɖe afi ma be míaɖagblɔ nyanyui la.


“Mía tɔwo, nu kae nye busunu sia wɔm miele? Míawo hã amegbetɔwo ko míenye abe miawo ke ene. Ɖe míeva be míagblɔ nyanyui sia na mi be miadzudzɔ nu maɖinu siawo tɔgbi subɔsubɔ, eye miado gbe ɖa na Mawu gbagbe si wɔ dziƒo kple anyigba kple atsiaƒu kple nu siwo katã le eme la boŋ.


Paulo yi ƒuƒoƒe sia abe ale si wòwɔna ɖaa ene, eye Dzudzɔgbe etɔ̃ katã wòyi ɖaɖe mawunya me na ameawo.


Le ɣeyiɣi siawo me la, xɔsetɔ siwo si le Yerusalem le yometiti si va le Stefano wuwu megbe la dometɔ aɖewo zɔ mɔ yi kekeke Foenisia, Kipro kple Antioxia nutowo me henɔ nyanyui la gblɔm na ame siwo nye Yudatɔwo ko.


Ke xɔsetɔ siwo si dzo le Yerusalem la kaka Yesu ƒe nyanyui la le afi sia afi si woyi la.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite