Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 13:42 - Agbenya La

42 Gbe ma gbe la, Paulo kple Barnabas nɔ go dom le ƒuƒoƒea la, ameawo gblɔ na Paulo be eƒe nyawo vivi yewo nu ŋutɔ, eya ta wòagatrɔ ava ƒo nu na yewo le Dzudzɔgbe si agava la dzi.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

42 Eye esi wole go ɖom la, woɖe kuku na wo bena, woagagblɔ nya siawo na yewo le Sabat keme dzi.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 13:42
7 Referans Kwoze  

“Eya ta medi be mianya be Mawu ƒe ɖeɖedɔ sia ɖo ame siwo menye Yudatɔwo o gbɔ, eye woaɖo toe.” [


Ke Barnabas kple Paulo ya tso eme yi Antioxia si le Pisidia nuto me. Le Dzudzɔgbe ŋkeke dzi la, woyi sɔleme le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe.


Esia tae medɔ ame ɖo ɖe gbɔwò ɖo, eye enyo ŋutɔ be nèva zi ɖeka hã. Azɔ mí katã míeƒo ƒu ɖi, le Aƒetɔ la ŋkume le klalo be míase nya si Mawu de asiwò be nàgblɔ na mí.”


Ke ame geɖe siwo nye gbãtɔwo fifia la, azu mamlɛtɔwo, eye ame siwo nye mamlɛtɔwo la, azu gbãtɔwo.”


Egblɔ le wo ŋu be, “Baba na wò Korazin! Baba na wò Betsaida! Elabena ne Tiro kple Sidon duwo mee mewɔ nukunu siwo mewɔ le mia dome le la, anye ne ameawo trɔ dzime xoxoxo, anɔ akpanya kple afi me.


menye ɖe ame geɖewo, ame siwo ƒe nuƒoƒo me mekɔ, woƒe gbegbɔgblɔ sesẽ, eye màte ŋu ase woƒe nyawo gɔme la gbɔ o. Eme kɔ ƒãa be nenye woawo gbɔe meɖo wò ɖo la, woaɖo to wò.


Esime Yesu nɔ nya siawo gblɔm la, Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe ƒe amegã aɖe va dze klo ɖe eƒe ŋkume hede ta agu nɛ. Egblɔ na Yesu be, “Vinye nyɔnuvi ku fifi laa, gake mexɔe se be àte ŋu ana wòagagbɔ agbe nenye be èva ka asi eŋu ko.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite