Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 13:13 - Agbenya La

13 Le nu siawo megbe la, Paulo kple eŋumewo ɖo tɔdziʋu hedzo le Pafo heva Perga le Pamfilia nuto me, afi sia Yohanes gblẽ wo ɖi le hetrɔ yi Yerusalem.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Eye esi Paulo kple amesiwo kpe ɖe eŋuti la, ɖo ʋu tso Pafo la, wova Perge le Pamfilia. Eye Yohanes dzo le wo gbɔ gatrɔ yi Yerusalem.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 13:13
10 Referans Kwoze  

Ke le ale si Marko gblẽ wo ɖi le Pamfilia, eye meyi dɔa dzi kple wo o ta la, Paulo mebui be enyo be wòagayi kpli yewo o.


Míeto Kilikia kple Pamfilia ŋu, eye míeva ɖi go ɖe Mira le Likia nuto me.


Petro nɔ tsitre, bu ta me sẽe, eye wòɖoe be yeayi Maria si nye Marko Yohanes dada la ƒe aƒe me, afi si hametɔ geɖewo ƒo ƒu ɖo, henɔ gbe dom ɖa le.


Ame aɖewo gɔ̃ hã tso keke Frigia, Pamfilia, Egipte kple Libia si le Kirene gbɔ, kple ame siwo nye amedzrowo tso Roma.


Luka koe li kplim. Di Marko, eye nàkplɔe ɖe asi vɛ, elabena ekpena ɖe ŋunye le nye subɔsubɔdɔwɔwɔ me.


Aristako, ame si le ga me kplim la do gbe na mi kple lɔlɔ̃; nenema kee nye Marko, Barnabas nɔvi. (Abe ale si megblɔ na mi kpɔ ene la, ne Marko va mia gbɔ la, mixɔe dzidzɔtɔe.)


Le ɣe ma ɣi me tututu la, ya aɖe nɔ ƒoƒom tso anyigbeme gome, eye wòdze abe enyo be míadze mɔ ene eya ta wodo abalawo, eye míedze mɔ henɔ go ŋu tom to Kreta ŋkume kekeake.


Le ŋkeke aɖewo megbe la, Paulo doe ɖe Barnabas gbɔ be, “Na míatrɔ ayi aɖakpɔ nɔvi siwo le du siwo me míegblɔ Aƒetɔ la ƒe nya la le la, akpɔ ale si wole zɔzɔmee la ɖa.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite