7 Mese gbe aɖe wònɔ gbɔgblɔm nam be, ‘Petro, tsi tsitre. Wu lã siawo ne nàɖu.’
7 Eye mese gbea ɖe hã gblɔ nam bena: Petro, tsi tre wu wo naɖu.
Esi melé ŋku ɖe aklala la dzi la, mekpɔ anyigbadzilã afɔenewo, lã wɔadãwo kple lã tatawo kple dziƒoxeviwo le afi ma.
“Ke meɖo eŋu be, ‘Kpao, Aƒetɔ, nyemate ŋu awɔ esia o. Nyemeɖu lã makɔmakɔ siawo dometɔ aɖeke kpɔ o.’
Elabena nu sia nu si Mawu wɔ la nyo, eye miate ŋu aɖui kple dzidzɔ nenye be mieda akpe ɖe eta,