Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 10:43 - Agbenya La

43 Nyagblɔɖilawo katã hã ŋlɔ nu tso Yesu ŋu gblɔ be ame sia ame si axɔ edzi ase la, woatsɔ eƒe nu vɔ̃wo akee to eƒe ŋkɔ la me.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

43 Eyama ŋuti nyagblɔɖilawo katã ɖi ɖase le, bena amesiame, si axɔ edzi ase la, akpɔ nuvɔ̃keke to eƒe ŋkɔ la me.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 10:43
35 Referans Kwoze  

“Gbe ma gbe la, vudo aʋu na David ƒe aƒe la kple Yerusalem nɔlawo be woaklɔ wo ŋuti tso vɔ̃ kple ɖiƒoƒowo katã me.


Petro ɖo eŋu na wo be, “Mitrɔ dzi me ne woade mawutsi ta na mi le Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me, be woatsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi. Ekema miawo hã miaxɔ nunana sia, si nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la.


Ne eƒe luʋɔ kpe fu vɔ la, akpɔ agbe ƒe kekeli, eye eƒe dzi adze eme; to enyanya me, nye dɔla dzɔdzɔe atso afia na ame geɖewo, eye wòade ta woƒe nu vɔ̃wo te,


Ame aɖeke magafia nu ehavi alo nɔvia agblɔ be, ‘Dze si Yehowa’ o, elabena wo katã woadze sim tso ɖeviwo dzi va se ɖe tsitsiawo dzi,” Yehowae gblɔe. “Elabena matsɔ woƒe vodadawo ake wo eye nyemagaɖo ŋku woƒe nu vɔ̃wo dzi o.” Yehowae gblɔe.


Elabena Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ na mí be, “Ŋu makpe ame sia ame si xɔ Kristo dzi se la akpɔ o.”


hedze agbagba be yewoanya ɣeyiɣi kple nudzɔdzɔ si Kristo ƒe Gbɔgbɔ si le wo me la le asi fiam, esi wògblɔ nya ɖi tso Mesia la ƒe fukpekpewo kple ŋutikɔkɔe si akplɔe ɖo la ŋuti.


Eya ta esi wotso afia na mí to xɔse me la, ŋutifafa le mí kple Mawu dome to míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo dzi,


Eya ta azɔ la, fɔbubu aɖeke megali na ame siwo le Kristo Yesu me la o,


“Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be ame si sea nye nyawo, eye wòxɔ ame si dɔm la dzi se la akpɔ agbe mavɔ, eye womadrɔ̃ ʋɔnui o, elabena eto ku me yi ɖe agbe mavɔ la me.


Ke mi ame siwo vɔ̃a nye ŋkɔ la, dzɔdzɔenyenye ƒe ɣe adze na mi eye dɔyɔyɔ ƒe ŋusẽ anɔ eƒe aʋalawo me. Miazɔ le ablɔɖe me, eye miati kpo akpɔ dzidzɔ abe nyitsui siwo do go tso nyikpo me le ƒoɖiɖi me ene.


Ekema ame kae abu fɔ mí? Ame aɖeke mabu fɔ mí o. Kristo Yesue nye ame si ku; ke nu si gawu lae nye be eyae wofɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, eye wònɔ anyi ɖe Mawu ƒe nuɖusime, eye wòle kuku ɖem ɖe mía ta le dziƒo.


Ke Mawu kpɔ dzinye ale megale agbe egbe, be magblɔ nya sia na ame sia ame ƒomevi, ame gblɔewo kple bubumewo siaa. Ke nyemele nya bubu aɖeke gblɔm o, negbe nu si nyagblɔɖilawo kple Mose wogblɔ ɖi be ava va eme la koe.


be woƒe ŋkuwo naʋu, eye woatrɔ le viviti la gbɔ ava kekeli la me. Woatso Satana ƒe ŋusẽ me ava Mawu gbɔ, be woakpɔ nu vɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke kple domenyinu si li na ame siwo katã ŋuti kɔ, eye wodza le xɔse me.’


Mede vovototo aɖeke mí kple woawo dome o, elabena eɖe woƒe nu vɔ̃wo ɖa to xɔse me abe míawo ke ene.


“Le Yesu ƒe ŋkɔ me, to xɔse me tekunɔ sia, ame si miekpɔ, eye mienya nyuie la kpɔ dɔyɔyɔ. Yesu ƒe ŋkɔ kple xɔse si vana to eƒe ŋkɔ me lae na dɔyɔyɔ bliboe abe ale si mi katã miele ekpɔm ene.


Ke woŋlɔ esiawo da ɖi be miaxɔe se be Yesue nye Kristo la kple Mawu ƒe Vi la, eye ne miexɔe se la, miakpɔ agbe le eƒe ŋkɔ me.


Ame siwo axɔ nyanyui la, eye woade mawutsi ta na wo la akpɔ ɖeɖe, ke ame siwo asẽ to, agbe nyanyui la xɔxɔ la, woabu fɔ wo.


Afi ka woagakpɔ Mawu bubu le wòanɔ abe wò si tsɔa wò domenyinu mamlɛawo ƒe nu vɔ̃wo kple dzidadawo kena la ene? Mèdoa dɔmedzoe ɖikaa o, ke boŋ èkpɔa dzidzɔ le amenuveve ŋuti.


Esi wògblɔ esiawo vɔ la, medze anyi ɖe eƒe afɔ nu be masubɔe, gake egblɔ nam be, “Mègawɔe o! Nye hã menye dɔla abe wò ke ene, kpe ɖe nɔviwò siwo lé Yesu ƒe ɖaseɖiɖi me ɖe asi la ŋuti; subɔ Mawu ko! Elabena Yesu ƒe ɖaseɖiɖi la nye nyagblɔɖi ƒe gbɔgbɔ.”


Gake Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ be xexea me katã le nu vɔ̃ ƒe babla me, be ŋugbedodo si Mawu na to Yesu Kristo dzixɔse me la nasu ame siwo xɔe se la si.


“Woɖo Kɔsiɖa blaadre na wò amewo kple wò du kɔkɔe la be miawu sedzidada nu, miadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, woalé avu ɖe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ta, woatsɔ dzɔdzɔenyenye mavɔtɔ vɛ, woatre ŋutegawo kple nyagblɔɖiwo nu eye woasi ami na kɔkɔeƒe ƒe kɔkɔeƒe la.


Ŋutifafa ƒe Mawu la ame si to nubabla mavɔ ƒe ʋu la me kplɔ míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo Alẽkplɔlagã la do goe tso ame kukuwo dome la


eyae wɔ mi ablɔɖeviwo, eye wòtsɔ míaƒe nu vɔ̃wo katã ke mí.


Eƒe dɔmenyo la gbã go ɖe mía dzi ale gbegbe be wòɖe míaƒe nu vɔ̃wo katã ɖa to Via ƒe ʋu la me, ame si dzi wòto ɖe mí,


Elabena nu vɔ̃ ƒe fetue nye ku, ke Mawu ƒe amenuveve ƒe nunana lae nye agbe mavɔ to Kristo Yesu, míaƒe Aƒetɔ la me.


Ke to wɔna siawo me la, Mawu na be nu siwo nyagblɔɖilawo gblɔ da ɖi be ele be Kristo la nakpe fu nenema la va eme.


Filipo hã ɖe abla yi ɖadi Nataniel, eye wògblɔ nɛ be, “Nɔvi, míeke ɖe Mesia, ame si ŋuti woŋlɔ nu tsoe le Nyagblɔɖilawo kple Mose ƒe sea me la ŋu. Eŋkɔe nye Yesu, eye fofoae nye Yosef si tso Nazaret.”


Eye ele be woaɖe gbeƒã dzimetɔtrɔ hena nu vɔ̃wo tsɔtsɔke le eƒe ŋkɔa dzi na dukɔwo katã, eye woadze egɔme tso Yerusalem.


Ke azɔ la, woɖe dzɔdzɔenyenye tso Mawu gbɔ fia mí se la manɔmee. Se la kple Nyagblɔɖilawo ɖi ɖase tso eŋuti.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite