Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 10:42 - Agbenya La

42 Eye Yesu dɔ mí be míagblɔ nyanyui la na amewo katã, eye míaɖe gbeƒãe be Mawu tia Yesu be wòanye ʋɔnudrɔ̃la na amewo katã, agbagbeawo kple kukuawo siaa.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

42 Eye wòde se na mi be, miaɖe gbe ƒãe afia dukɔ la, eye míaɖi ɖase bena, eyae nye amesi Mawu ɖo, be wòanye ʋɔnudrɔ̃la ɖe agbagbeawo kple kukuawo dzi.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 10:42
24 Referans Kwoze  

Elabena mí katã míava tsi tsitre ɖe Kristo ŋkume gbe ɖeka, be wòadrɔ̃ ʋɔnu mí, eye wòadzro míaƒe agbenɔɣinuwɔnawo me tsitotsito. Eye wòaxe fe na ame sia ame pɛpɛpɛ ɖe ale si wònɔ agbe le anyigba dzii la nu. Ne èwɔ nu nyui la, àxɔ fetu nyui eye ne èwɔ vɔ̃ la, àxɔ fetu vɔ̃.


Ke hã la, ele na wo be woana akɔnta ame si le klalo be yeadrɔ̃ ʋɔnu agbagbeawo kple kukuawo.


Eya ta mele gbe tem ɖe edzi na wò le Mawu kple Kristo Yesu, ame si adrɔ̃ ʋɔnu ame gbagbewo kple ame kukuwo gbe ɖeka ne eva do be yeaɖo yeƒe fiaɖuƒe la gɔme anyi la ŋkume be


elabena eɖo ŋkeke tɔxɛ aɖe da ɖi be yeava drɔ̃ ʋɔnu xexea me, eya ŋutɔ tia ame si le ʋɔnu la drɔ̃ ge la da ɖi, eye eyae nye ame si wòfɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome.”


“Kpɔ ɖa, megbɔna kpuie! Nye fetu kpe ɖe ŋutinye, eye maxe fe na ame sia ame le nu si wòwɔ la nu.


va se ɖe ŋkeke si dzi wokɔe yi dziƒoe le esime wòde se na Apostolo siwo wòtia to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me vɔ megbe ŋu.


“Kpɔ ɖa, Egbɔna; lilikpowo aƒo xlãe,” eye “ŋku ɖe sia ɖe akpɔe. Ɛ̃, ame siwo tɔ akplɔe gɔ̃ hã akpɔe.” Ne eva do la, dukɔ siwo katã le anyigba dzi la “afa avi kple ɣli le eya amea ta.” Ɛ̃, Amen. Neva eme nenema!


Ke azɔ la, wodzra dzɔdzɔenyenye ƒe fiakuku ɖo ɖi nam, esi Aƒetɔ, Ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe la, anam le ŋkeke ma dzi, eye menye nye ɖeka koe wòana o, ke boŋ ame siwo katã le mɔ kpɔm vevie na eƒe vava.


“Miyi gbedoxɔ la me, eye miagblɔ agbe yeye sia ƒe nya na ameawo.”


Gake miaxɔ ŋusẽ ne Gbɔgbɔ Kɔkɔe la va mia dzi, eye mianye nye ɖaseɖilawo le Yerusalem, Yudea kple Samaria nutomewo katã kple xexea me ƒe seƒe ke.”


elabena nɔviŋutsu atɔ̃ bubuwo gale megbea be wòagbe nya na wo tso agbe si ƒomevi wole la ŋu be ne woawo hã va ku la, womava dzomavɔ sia me o.’


Ele be Amegbetɔ Vi la naku abe ale si Mawu ɖoe ene. Gake baba na ame si adee asi!”


Ke esi wòɖe nya me na wo le dzɔdzɔenyenye, ɖokuidziɖuɖu kple ʋɔnudɔdrɔ̃ si li gbɔna ŋu la, vɔvɔ̃ ɖo Felix, eye wògblɔ na Paulo be neyi gbɔ, ne yegakpɔ ɣeyiɣi nyui aɖe la, yeagaɖo ame ɖee.


Nu sia adzɔ le ŋkeke si dzi Mawu adrɔ̃ ʋɔnu amewo ƒe nu ɣaɣlawo to Yesu Kristo dzi abe ale si nyanyui la gblɔ ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite