Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 1:6 - Agbenya La

6 Esi Yesu kple apostoloawo gado go la, wobiae be, “Aleke, Aƒetɔ, ɖe nèle Israel dukɔ la ɖe ge tso Romatɔwo te, aɖoe te abe dukɔ nɔɖokuisi ene azɔa?”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Azɔ amesiwo kpe ta la, biae gblɔ bena: Aƒetɔ, ɖe nègale fiaɖuƒe la ɖo ge ɖo na Israel le ɣeyiɣi sia mea?

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 1:6
23 Referans Kwoze  

Esi Yesu nɔ tetem ɖe Yerusalem ŋu la, edo lo aɖe si awɔe be amewo nagabu be mawufiaɖuƒe la le egɔme dze ge enumake o. Egblɔ be,


Gbe ɖeka la, Farisitɔwo va bia Yesu be ɣe ka ɣie mawufiaɖuƒea le egɔme dze ge? Yesu ɖo eŋu be, “Mawufiaɖuƒea mava kple dzesi siwo miakpɔ kple ŋku,


Ekema woatsɔ dziɖuɖu, ŋusẽ kple fiaɖuƒewo ƒe gãnyenye le dziƒo blibo la ana ame kɔkɔeawo, Dziƒoʋĩtɔ la ƒe amewo. Eƒe fiaɖuƒe la anye fiaɖuƒe mavɔ, dziɖulawo katã asubɔe eye woaɖo toe.’


Azɔ edzo yi ɖanɔ Amito la dzi. Nusrɔ̃lawo va egbɔ va biae be, “Aƒetɔ, ɣe ka ɣi nu siawo katã ava eme? Dzesi kawoe afia wò vava zi evelia kple xexea me ƒe nuwuwu?”


eye nye la mele fiaɖuƒe ɖom anyi na mi abe ale si Fofonye ɖo fiaɖuƒe anyi nam ene.


Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ele eme nenema. Ele be Eliya nava, aɖɔ nu sia nu ɖo hafi Kristo la nava.


Yesu biae be, “Nu ka dim nèle be mawɔ na wò?” Nyɔnu la ɖo eŋu be, “Medi be nàna be vinye ŋutsuvi eve siawo nanɔ fiazikpui eve dzi le wò ɖusi kple mia me le wò fiaɖuƒe la me.”


Dzi nadzɔ wò, O Zion vinyɔnu! Do ɣli, wò Yerusalem vinyɔnu, kpɔ ɖa, wò fia gbɔna gbɔwò. Enye dzɔdzɔetɔ, eye wòhe ɖeɖe vɛ, ebɔbɔ eɖokui, eye wòle tedzi dom, si nye tedzivi si nye tedzinɔ ƒe vi.


“Ekema le ɣe ma ɣi me la, “Magbugbɔ David ƒe agbadɔ atu, maɖɔ eƒe fiasã gbagbãwo ɖo, magaɖo eƒe aƒedowo te, eye magbugbɔ atui abe ale si wònɔ tsã ene,


ekema magbe Yakob ƒe dzidzimeviwo kple nye dɔla, David eye nyematia via ŋutsuwo dometɔ aɖeke be wòaɖu fia ɖe Abraham, Isak kple Yakob ƒe dzidzimeviwo dzi o, elabena matrɔ woƒe dzɔgbenyui na wo, eye makpɔ nublanui na wo.”


Emegbe la, maɖo ʋɔnudrɔ̃lawo na mi abe tsã ene, eye mana aɖaŋudelawo mi abe ale si wònɔ le gɔmedzedzea me ene. Emegbe la, woayɔ mi be Dzɔdzɔenyenye kple Nuteƒewɔwɔ ƒe Du.”


Atamkayi maɖe ɖa le Yuda o va se ɖe esime ame si tututu tɔ wònye la nava, ame si amewo katã abu.


Esi Petro kpɔe la, ebia be, “Aƒetɔ, ekema ame sia ya ɖe?”


Yesu ɖo eŋu be, “Le nyateƒe me la, Eliya va xoxo, eye wòɖɔ nuwo katã ɖo. Azɔ nu ka ta woŋlɔe ɖi le Amegbetɔ Vi la ŋu be, akpe fu geɖe, eye woagbe nu le egbɔ ɖo?


“Ke wò, Betlehem, Efrata, togbɔ be èle sue le Yuda ƒe ƒomeawo dome hã la, mewòe ame si le nye dukɔ Israel kplɔ ge la ado tso nam. Ame si ƒe dzɔtsoƒe metsɔ o elabena eli tso keke blema ke.”


Le ɣeyiɣi didi siwo gbɔna me la, fia alo amegã manɔ Israel si o, vɔsasa, legba, kɔmewu alo aklamakpakpɛ ŋutɔ gɔ̃ hã manɔ wo si o!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite