Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 26:3 - Agbenya La

3 Tsɔe de kusi me yi na nunɔla si le dɔ wɔm ɣe ma ɣi, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Nunana siae nye nye emeʋuʋu ƒe dzesi be, Yehowa, nye Mawu kplɔm va ɖo anyigba si ŋugbe wòdo na tɔgbuinyewo la dzi.’

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 eye nayi nunɔla, si le ɣemaɣi la gbɔ agblɔ nɛ bena Mele eme ʋum na Yehowa, wò Mawu la, egbea be: Meva anyigba, si ŋu Yehowa ka atam ɖo na mia fofowo be, yeatsɔe na mí la dzi.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 26:3
13 Referans Kwoze  

Ke miawo hã, abe kpe gbagbewo ene la, wotsɔ mi le gbɔgbɔmegbedoxɔ tum. Gawu la, mienye eƒe nunɔla kɔkɔewo, ame siwo asa gbɔgbɔmevɔ siwo dze Mawu ŋu la to Yesu Kristo ƒe avuléle dzi.


Eya ta mina míatsɔ kafukafuvɔsa na Mawu ɣe sia ɣi to Yesu dzi, kafukafu siwo nye kutsetse tso nuyi siwo ʋua Yesu ƒe ŋkɔ me la me.


Eye esi nunɔlagã le mía si le Mawu ƒe aƒe nu ta la,


Ekema Yesue nye nunɔlagã ma si kpɔa míaƒe hiahiãwo gbɔ, ame si le kɔkɔe, kpɔtsɔtsɔ mele eŋu o, ame si le dzadzɛe, ame si woɖe ɖe aga tso nu vɔ̃ wɔlawo gbɔ, eye wokɔe ɖe dzi gbɔ dziƒowo ŋui.


na woakplɔ ame eveawo ayi nunɔlawo kple ʋɔnudrɔ̃lawo gbɔ le Yehowa ŋkume.


Wɔ nu si magblɔ na wò la, eye nànɔ afi sia le anyigba sia dzi. Ne èwɔ nye gbe dzi la, manɔ kpli wò, eye mayra wò. Matsɔ anyigba sia katã ana wò kple wò dzidzimeviwo abe ale si medo ŋugbe na fofowò, Abraham ene.


Kanaanyigba blibo la, afi si nèle fifia abe amedzro ene la, matsɔe na wò wòanye tɔwò kple wò dzidzimeviwo tɔ tegbetegbe, eye manye woƒe Mawu.”


ele na wò be nàtsɔ wò agblemenuku gbãtɔ siwo nàkpɔ tso anyigba si Yehowa wò Mawu le na wò ge dzi la ƒe nuku gbãtɔwo le ƒe sia ƒe ƒe nuŋeŋe me na Yehowa le eƒe kɔkɔeƒe la.


Nunɔla la axɔ kusi la le asiwò ada ɖe Yehowa wò Mawu ƒe vɔsamlekpui la dzi.


Metsɔ anyigba sia katã na mi! Miyi edzi, eye miaxɔe, elabena eyae nye anyigba si ŋugbe Yehowa miaƒe Mawu do na mia tɔgbuiwo, Abraham, Isak kple Yakob kple woƒe dzidzimeviwo katã.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite