Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 2:5 - Agbenya La

5 Migaho aʋa ɖe wo ŋu o, elabena metsɔ Seir to la ƒe tonyigbawo katã na wo tegbetegbe, eye nyematsɔ woƒe anyigba ƒe kakɛ aɖeke ana mi o.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 ne miagawɔ aʋa kpli wo o, elabena nyemele woƒe anyigba ƒe afɔ ɖeka hã na ge mi o, elabena ɖe metsɔ Seir-to la na Esau, be wòanye etɔ.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 2:5
13 Referans Kwoze  

Isak ƒe vi siwo menae la woe nye, Yakob kple Esau. Metsɔ anyigba si ƒo xlã Seir to la na Esau, ke Yakob kple viawo yi Egipte.


Ale Esau, ame si wogayɔna be Edom la yi ɖanɔ tonyigba dzi le Seir.


Mawu siae wɔ amegbetɔ siwo katã tso dzɔtsoƒe ɖeka, eye wokaka ɖe xexea me ƒe akpa ɖe sia ɖe. Eɖo liƒo kple ɣeyiɣi na dukɔwo da ɖi xoxo.


Ke Mawu metsɔ anyigba sia ƒe akpa aɖeke na Abraham be wòanye etɔ o. Menye afɔ ɖeka teti hã o. Gake Mawu do ŋugbe nɛ be le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, anyigba blibo la azu eya kple eƒe dzidzimeviwo tɔ, togbɔ be vi aɖeke menɔ Abraham si haɖe o hã.


Woanya wò do goe le amewo dome eye nànɔ lã wɔadãwo dome; àɖu gbe abe nyi ene. Fe adre ava yi na wò va se ɖe esime nànyae be Dziƒoʋĩtɔ lae nye fia ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo katã dzi, eye wòtsɔa wo naa ame si wòdi be yeatsɔ wo ana la.”


Woanya wò ɖa le amewo dome eye nànɔ agbe abe lã wɔadãwo ene; àɖu gbe abe nyi ene eye dziƒozãmu adza ɖe dziwò. Ƒe adre ava yi va se ɖe esime nànyae be, Dziƒoʋĩtɔ lae nye fia ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo dzi eye wòtsɔa wo naa ame si dzea eŋu.


Nye ŋusẽ triakɔ kple nye abɔ si le dzi lae metsɔ wɔ anyigba, edzinɔlawo kple lã vovovo siwo le edzi eye metsɔnɛ naa ame sia ame si melɔ̃.


Mawu, dziƒoʋĩtɔ la, ma xexea me ɖe dukɔwo dome ena mawudɔla ɖeka dukɔ ɖe sia ɖe be wòanye dzikpɔla nɛ.


Mixe fe na wo ɖe woƒe nu si miaɖu kple woƒe tsi si ŋu dɔ miawɔ la ta.”


Nenema ke Yehowa kpe ɖe Esau ƒe dzidzimeviwo ŋu le Seir to la gbɔ, eye wotsrɔ̃ Horitɔwo, ame siwo nɔ afi ma do ŋgɔ na wo.


Esau ƒe dzidzimeviwo, Edomtɔwo, ame siwo wodzi nɛ le Seir to dzi la ƒe ŋkɔwo yi ale:


“Ame vi, trɔ mo ɖe Seir to la gbɔ, gblɔ nya ɖi ɖe eŋu,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite