Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 19:3 - Agbenya La

3 Ɖe mɔwo ɖe wo dome, eye nàma anyigba si Yehowa, wò Mawu la le nawòm abe wò domenyinu ene la ɖe akpa etɔ̃ me, ale be ne ame aɖe wu nɔvia la, wòasi ayi afi ma.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Nata mɔ ayi afima, eye namã wò anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge wòanye wò domenyinu la, ɖe akpa etɔ̃ me, eye amewula nasi ayi afima.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 19:3
8 Referans Kwoze  

Woagblɔ be, “Mido mɔ, mido mɔ. Midzra mɔtata la dzi ɖo! Miɖe mɔxenuwo ɖa le mɔ me na nye dukɔ”,


Mita mɔ dzɔdzɔewo na miaƒe afɔwo, ale be atatututɔ matsi mɔ ta o, ke boŋ wòakpɔ dɔyɔyɔ.


Mito eme yi, mito agboawo me yi! Midzra mɔ ɖo na dukɔ la. Mido mɔ, mido mɔtatawo. Miɖe kpewo ɖa le mɔa dzi. Mikɔ aflaga dzi na dukɔwo.


Mɔtata gbadza aɖe anɔ afi ma. Woayɔe be kɔkɔenyenye ƒe mɔ. Ame makɔmakɔwo mazɔ mɔ sia dzi o. Anye toƒe na ame siwo zɔna le mɔ ma dzi. Gegemewo gɔ̃ hã matra le edzi o.


ekema nàtia du etɔ̃ siwo le anyigba si Yehowa, wò Mawu la le nàwom la titina lɔƒo la na ɖokuiwò.


“Nu si ta wòle be du siawo nanɔ anyi ɖo la woe nye:


Ke edo dɔmedzoe ɖe ŋunye ɖe miawo ta. Eka atam be nyematso Yɔdan tɔsisi la age ɖe anyigba nyui si Yehowa miaƒe Mawu tsɔ na mi abe miaƒe domenyinu ene la dzi o.


“Ne èva ɖo anyigba si Yehowa, wò Mawu la le na wò ge la dzi, eye nèxɔe hele edzi la,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite