Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 11:2 - Agbenya La

2 Miɖo to! Nyemele nu ƒom fifia na mia viwo, ame siwo mekpɔ eƒe tohehe na Egiptetɔwo alo eƒe gãnyenye kple ŋusẽ teƒe kpɔ o.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye midze si Yehowa, mia Mawu, ƒe amehehe kple eƒe gãnyenye, eƒe asi sesẽ kple eƒe abɔ, si wòɖo ɖe dzi egbe — menye mia vi, siwo menyae o, eye womekpɔ eteƒe o lae mele egblɔm na o —

Gade chapit la Kopi




5 Mose 11:2
14 Referans Kwoze  

Ke Mawu kpɔ dzinye ale megale agbe egbe, be magblɔ nya sia na ame sia ame ƒomevi, ame gblɔewo kple bubumewo siaa. Ke nyemele nya bubu aɖeke gblɔm o, negbe nu si nyagblɔɖilawo kple Mose wogblɔ ɖi be ava va eme la koe.


Ale be nàɖo dzi ɖe Yehowa ŋu, esia ta mele nu fiam wò ɖo egbea, ɛ̃, wòe mele nu fiam.


Mi katã, miele tsitre ɖe Yehowa miaƒe Mawu ƒe ŋkume egbe. Miaƒe kplɔlawo, ʋɔnudrɔ̃lawo, ametsitsiawo kple Israel ƒe ŋutsuwo katã,


“Medo gbe ɖa na Yehowa be, Aƒetɔ Yehowa, mègatsrɔ̃ wò ŋutɔ wò amewo o. Wò ŋutɔ wò domenyinu si nèɖe kple wò ŋusẽ triakɔ, eye nèɖe wo tso Egipte kple asi sesẽ.


Ke ne mieŋlɔ Yehowa, miaƒe Mawu la be, hesubɔ mawu bubuwo ɖe eteƒe, eye miedze nu vɔ̃ mɔwo dzi la, miatsrɔ̃ godoo,


miekpɔ kple miawo ŋutɔ miaƒe ŋkuwo, xaxa sesẽwo, nukunuwo kple dzesi gãwo, asi sesẽ kple abɔ si wòdo ɖe dzi si Yehowa, wò Mawu la tsɔ kplɔ wò do goe la dzi la dzi nyuie. Yehowa, wò Mawu la awɔ nenema ke na ame siwo vɔ̃m nèle fifia.


eye woɖe kuku be, “Egbe la, Yehowa, míaƒe Mawu la ɖe eƒe ŋutikɔkɔe kple gãnyenye fia mí. Míese eƒe gbe gɔ̃ hã tso dzo bibi la titina. Azɔ la, míenya be ame ate ŋu aƒo nu kple Mawu, eye maku o.


Teƒe bubu kae miagate ŋu akpɔ ale si Mawu ɖe dukɔ aɖe tso kluvinyenye me, eye wòɖo dɔvɔ̃ dziŋɔwo ɖa, wɔ nukunu triakɔwo, eye wòhe aʋawɔwɔ kple ŋɔdzi vɛ la ƒe kpɔɖeŋu le? Nu sia tututue Yehowa, miaƒe Mawu la wɔ na mi le Egipte le miawo ŋutɔ mia ŋkume.


“Aƒetɔ Yehowa, wò ŋutɔ ède asi wò gãnyenye kple wò abɔ sesẽ la ɖeɖe fia wò subɔla me xoxo, elabena Mawu kae le dziƒo alo anyigba dzi si ate ŋu awɔ wò nuwɔna siawo tɔgbi?


Kple asi sesẽ kple abɔ si wòdo ɖe dzi, Elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.


Ke woƒo nu ɖee le míaƒe dzidadawo ta. Wogbãe gudugudu ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta. Tohehe si he ŋutifafa vɛ na mí la le eya amea dzi, eye eƒe abi siwo wòxɔ la yɔ dɔ mí.


“Eya ta gblɔ na Israel ƒe dzidzimeviwo be, ‘Nyee nye Yehowa, maɖe mi le Egiptetɔwo ƒe kɔkuti te, mana ablɔɖe mi tso kluvinyenye na wo me, eye maɖe mi kple alɔ sesẽ kple nukunu triakɔwo.


Israel subɔ Yehowa le Yosua kple ametsitsi bubu siwo kpɔ nu wɔnuku siwo Yehowa wɔ na Israel teƒe la le woƒe agbenɔɣiwo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite